1 Ehiã be mí ame siwo ŋu ŋusẽ le la, míabu ame siwo ŋu ŋusẽ mele o la ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo ŋu, eye míagadze mía ɖokui ŋu o. 2 Mía dome ame sia ame nadze ehavi ŋu hena ehavi ƒe nyonyo kple tutuɖedzi. 3 Kristo mewɔ nu be yeadze ye ɖokui ŋu o. Abe ale si Psalmokpala gblɔe ene la, “Eva be yeakpe fu, eye yeaxɔ dzudzu tso ame siwo tututu tsi tsitre ɖe Aƒetɔ la ŋu la gbɔ.” 4 Ele be nu siwo woŋlɔ ɖe Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la me gbe aɖe gbe ke la nafia dzigbɔɖi mí, eye woade dzi ƒo na mí, ale be míanɔ mɔ kpɔm na ɣeyiɣi si Mawu aɖu nu vɔ̃ kple ku dzi la.
5 Mawu si naa dzigbɔɖi kple tenɔnɔ kpakple dzideƒo ame la nakpe ɖe mia ŋu be mianɔ anyi kple mia nɔewo le nɔvilɔlɔ̃ blibo me, eye ame sia ame natsɔ Kristo Yesu ƒe nɔnɔme anɔ agbe ɖe nɔvia ŋu. 6 Ekema mí katã míate ŋu atsɔ gbe ɖeka akafu Aƒetɔ la, atsɔ ŋutikɔkɔe ana Mawu, míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo Fofo.
13 Eya ta mele gbe dom ɖa ɖe mi ame siwo menye Yudatɔwo o la ta be Mawu, ame si naa mɔkpɔkpɔ mi la, nana dzidzɔ kple ŋutifafa nayɔ mia me le esi miexɔ edzi se la ta. Mele gbe dom ɖa be Mawu nakpe ɖe mia ŋu be mɔkpɔkpɔ le Mawu me nagbã go le mia me to Gbɔgbɔ Kɔkɔe ƒe ŋusẽ si le mia me la me.
17 Eya ta meƒoa adegbe le nu siwo katã Kristo Yesu wɔ to dzinye le Mawu ta la ŋu. 18 Mele be mabu akɔnta le ale si wòwɔ ame bubuwo ŋu dɔ la ŋu o, ke menya esia be: Kristo to dzinye, eye wòhe ame siwo menye Yudatɔwo o la va Mawu gbɔe. 19 Meɖe wo fia to nye gbeƒãɖeɖe kple agbe nyui si menɔ le woƒe ŋkume la me hekpe ɖe nukunu siwo wowɔ to dzinye abe dzesiwo tso Mawu gbɔ ene la ŋu. Esiawo katã tso Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe ŋusẽ me. Meɖe gbeƒã Kristo ƒe nyanyui blibo la to mɔ sia dzi tso keke Yerusalem yi ɖado ɖe Iliriko ke. 20 Ke enye nye didi vevie be magayi ŋgɔ wu nenema gɔ̃ hã, eye maɖe gbeƒã nyanyui la le teƒe siwo womese Kristo ŋkɔ le kpɔ haɖe o. Esia dzrom wu be maɖe gbeƒã le afi si ame bubu aɖe ɖo hame aɖe anyi ɖo xoxo la. 21 Menɔ zɔzɔm ɖe ɖoɖo si ŋu woƒo nu le le Ŋɔŋlɔ Kɔkɔea me la nu. Afi sia Yesaya gblɔ le be,
23 Ke mewu nye dɔ la nu le afi sia mlɔeba azɔ, eye mele klalo be mava le ƒe geɖe siwo mia gbɔ vava dzrom la megbe. 24 Mele ɖoɖo wɔm be mayi Spania. Ne meyina la, matɔ ɖe Roma, eye ne menɔ anyi kpli mi le dzidzɔ me ɣeyiɣi kpui aɖe la, miagate ŋu ado mɔm.
30 Ke mele nu xlɔ̃m mi nɔviwo, le míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo kple Gbɔgbɔ ƒe lɔlɔ̃ me bena miade dzinye, eye miaʋli le gbedodoɖa me na Mawu ɖe tanye. 31 Mido gbe ɖa be Mawu nakpɔ tanye le Yudea tso ame siwo menye kristotɔwo o la si me. Mido gbe ɖa hã be kristotɔ siwo le Yerusalem la nalɔ̃ axɔ kpekpeɖeŋu si metsɔ yina na wo la. 32 Ekema ne Mawu lɔ̃ la, mate ŋu ava mia gbɔ kple dzidzɔ, eye míade agbe yeye mía nɔewo me. 33 Ke azɔ la, mía Mawu, ame si naa ŋutifafa la nanɔ anyi kpli mi katã. Amen.