7 Mawudɔla gbãtɔ ku eƒe kpẽ la. Tete tsikpe dza, eye wotsɔ dzo si wotɔtɔ kple ʋu la kɔ ɖe anyigba. Tete anyigba ƒe mama etɔ̃ ƒe akpa ɖeka fia. Atiwo hã ƒe mama etɔ̃ ƒe ɖeka fia. Nenema ke gbe damawo katã hã fiae.
8 Mawudɔla evelia ku eƒe kpẽ la, eye wòtsɔ nane si lolo abe to ene, eye wòle bibim la ƒu gbe ɖe atsiaƒu me. Atsiaƒu la ƒe mama etɔ̃ ƒe ɖeka trɔ zu ʋu. 9 Nu gbagbe siwo katã le atsiaƒua me la ƒe mama etɔ̃ ƒe ɖeka ku, eye tɔdziʋu siwo katã nɔ atsiaƒua dzi la ƒe mama etɔ̃ ƒe ɖeka hã tsrɔ̃.
10 Mawudɔla etɔ̃lia ku eƒe kpẽ la, eye ɣletivi gã aɖe si le bibim abe akakati gã aɖe ene la ge tso dziƒo va dze tɔsisiwo kple vudowo ƒe mama etɔ̃ ƒe ɖeka dzi. 11 Ɣletivi sia ŋkɔe nye “Veve.” Ale tsiwo katã ƒe mama etɔ̃ ƒe ɖeka trɔ zu tsi veve. Ale ame geɖewo ku to tsi veve sia nono me.
12 Mawudɔla enelia ku eƒe kpẽ la. Tete wòtsɔ nu xe ɣe, ɣleti kple ɣletiviwo ƒe mama etɔ̃ ƒe ɖeka ŋkume, eye viviti do. Ale ŋkeke ƒe mama etɔ̃ ƒe ɖeka mekpɔ kekeli o, eye nenema ke zã ƒe mama etɔ̃ ƒe ɖeka hã mekpɔ kekeli o.
13 Esi mele nu siawo kpɔm la, mese hɔ̃ aɖe si nɔ dzodzom le dziƒo titina la gblɔ kple gbe gã aɖe be, “Babaa! Babaa! Babaa na anyigbadzinɔlawo le kpẽ siwo mawudɔla etɔ̃ mamlɛawo ava ku la ta!”
<- Nyaɖeɖefia 7Nyaɖeɖefia 9 ->