3 Tete mawudɔla la kɔm le gbɔgbɔ me yi gbedzi. Afi ma mekpɔ nyɔnu aɖe si nɔ anyi ɖe lã dzĩ aɖe dzi, esi ŋu busuŋkɔwo le la. Lã la to ta adre kple dzo ewo. 4 Nyɔnu la do awu legbe si wotɔ kple avɔ blɔ kple avɔ dzĩ, eye wòde sikakɔga keklẽwo, kpe xɔasi dzonuwo kple dzonu bubuwo kɔ. Sikakplu si yɔ fũu kple ŋunyɔnuwo kple eƒe ahasiwɔwɔ ƒe ŋunyɔnu la le esi. 5 Woŋlɔ ŋkɔ si nye nya ɣaɣla la ɖe eƒe ŋgonu be:
9 “Nya sia hiã na susu si me nunya le. Ta adreawo nye togbɛ adre siwo dzi nyɔnu la nɔ anyi ɖo la. Woganye fia adrewo hã. 10 Wo ame atɔ̃ dze anyi, ɖeka li fifia, eye ɖeka mekpɔ va haɖe o. Ke ne eva la, anɔ anyi hena ɣeyiɣi kpui aɖe ko. 11 Lã si nɔ anyi kpɔ, eye megali fifia o lae nye fia enyilia. Enye fia adreawo dometɔ ɖeka, eye wòyina ɖe eƒe tsɔtsrɔ̃ la me.
12 “Dzo ewo siwo nèkpɔ la nye fia ewo siwo si fiaɖuƒe mesu haɖe o la, gake woana dziɖuɖuŋusẽ wo abe fiawo ene, kpe ɖe lã la ŋu hena gaƒoƒo ɖeka. 13 Taɖodzinu ɖeka le wo si, eye woatsɔ woƒe ŋusẽ kple dziɖuɖuŋusẽ ana lã la. 14 Woawɔ aʋa kple Alẽvi la, gake Alẽvi la aɖu wo dzi, elabena eyae nye aƒetɔwo ƒe Aƒetɔ kple fiawo ƒe Fia la, eye eƒe ame tiatiawo, ame siwo wòyɔ kple ame siwo dze eyome le anukware me la anɔ egbɔ.”
15 Mawudɔla la yi edzi gblɔ nam be, “Tsi siwo nèkpɔ, esiwo dzi gbolo la nɔ anyi ɖo la nye amewo, amehawo, dukɔwo kple gbegbɔgblɔwo. 16 Lã la kple eƒe dzo ewo siwo nèkpɔ la alé fu gbolo la, woahee va gbegblẽ me, eye woagblẽe ɖi amamae; woaɖu eƒe lã, eye woatɔ dzoe, 17 elabena Mawu tsɔe de woƒe dzi me be woana eƒe tameɖoɖo nava eme ne woalɔ̃ atsɔ woƒe ŋusẽ ana lã la ne wòatsɔ aɖu dzii va se ɖe esime Mawu ƒe nyawo nava eme. 18 Nyɔnu si nèkpɔ la, eyae nye du gã si le anyigbadzifiawo dzi ɖum.”
<- Nyaɖeɖefia 16Nyaɖeɖefia 18 ->