Link to home pageLanguagesLink to all Bible versions on this site
Psalmo 93
1 Yehowa le fia ɖum, eta gãnyenye,
Yehowa ta gãnyenye, eye ŋusẽ le esi.
Eli ke xexea me, maʋã o.
2 Woɖo wò fiazikpui anyi tso blema ke,
eye nèli tso mavɔ me ke.
 
3 Atsiaƒuwo dze agbo, o Yehowa,
atsiaƒuwo le ɣli dom,
atsiaƒuwo dze agbo,
eye woƒe tsotsoewo le ŋeŋem.
4 Ke ètri akɔ wu tɔsisi gãwo ƒe gbeɖeɖe,
ètri akɔ wu atsiaƒu ƒe agbodzedze, ɛ̃,
Yehowa le dziƒo tri akɔ.
 
5 Wò sewo le te goŋgoŋgoŋ;
O! Yehowa, kɔkɔenyenye ɖo atsyɔ̃
na wò aƒe ɣeawo katã ɣi.

<- Psalmowo 92Psalmowo 94 ->