Link to home pageLanguagesLink to all Bible versions on this site
Psalmo 70
David ƒe ha na hɛnɔ la. Kukuɖeɖe.
1 O! Mawu, netsɔ nàɖem;
O! Yehowa, va kaba nàxɔ nam.
 
2 Ŋukpe kple tɔtɔ neva ame siwo
le nye agbe yome tim la dzi.
Ame siwo le nye gbegblẽ dim la
negbugbɔ ɖe megbe kple ŋukpe.
3 Na be ame siwo le gbɔgblɔm be,
“Ɛhɛ̃! Ɛhɛ̃!” la
natrɔ megbe adzo kple ŋukpe.
4 Ke ame siwo dia wò la netso aseye;
woakpɔ dzidzɔ le mewò,
eye ame siwo lɔ̃a wò xɔname la negblɔ ɖaa be,
“Woado Mawu ɖe dzi ɖaa!”
 
5 Ke nye la, O Mawu, meda ahe, eye hiã tum,
eya ta va gbɔnye kaba.
O! Yehowa, mègahe ɖe megbe o,
elabena wòe nye nye xɔnametɔ kple nye Ɖela.

<- Psalmowo 69Psalmowo 71 ->