Psalmo 64
David ƒe ha na hɛnɔ la.
1 O! Mawu, ɖo tom, esi meɖe nye kuxiwo na wò;
kpɔ nye agbe ta tso futɔ siwo le ŋɔdzi dom nam la ƒe asi me.
2 Ɣlam tso ame vɔ̃ɖiwo ƒe nugbeɖoɖo
kple ame vlo mawo ƒe howɔwɔ me.
3 Wonyrea woƒe aɖewo abe yi ene,
eye wodzidzea woƒe nyawo ɖe ame dzi
abe aŋutrɔ siwo nu aɖi le la ene.
4 Wodea xa hedaa aŋutrɔ ame maɖifɔ la,
eye wodanɛ zi ɖeka vɔvɔ̃manɔŋutɔe.
5 Wodea dzi ƒo na wo nɔewo
le woƒe nu vɔ̃ɖi ɖoɖowo me,
woƒoa nu tso ale si woatre mɔ ɖe vivime
la ŋuti gblɔna be, “Ame kae le ekpɔ ge?”
6 Woɖoa nu vɔ̃ɖi hegblɔna le eŋuti be,
“Míewɔ ɖoɖo deŋgɔ la vɔ!”
Vavãe, ame ƒe susu kple dzi me nye ayenuwɔƒe,
7 gake Mawu ada aŋutrɔ wo
eye wòalɔ wo zi ɖeka kpoyi woamu adze anyi.
8 Ana woawo ŋutɔ ƒe aɖe nade wo nya me
eye wòahe wo ade tsɔtsrɔ̃ me.
Ame siwo katã akpɔ wo la aʋuʋu ta ɖe wo ŋu fewuɖutɔe.
9 Tete vɔvɔ̃ aɖo amegbetɔƒomea katã;
woado Mawu ƒe dɔwɔwɔwo ɖe dzi,
eye woade ŋugble le nu si wòwɔ la ŋuti.
10 Ame dzɔdzɔe akpɔ dzidzɔ le Yehowa me, eye wòasii atso.