Link to home pageLanguagesLink to all Bible versions on this site
Psalmo 61
David ƒe ha na hɛnɔ la. Woadzii ɖe kasaŋku ŋu.
1 Se nye ɣlidodo, O Mawu,
eye nàlé to ɖe nye gbedodoɖa ŋu.
 
2 Meyɔ wò tso anyigba ƒe mlɔenu,
meyɔ wò, esi nu te nye dzi ŋu belibelibeli;
azɔ kplɔm yi ɖe agakpe si kɔ wum la dzi,
3 elabena wòe nye nye sitsoƒe
kple mɔ sesẽ, le futɔ la ta.
 
4 Medi vevie be manɔ wò agbadɔ me tegbee,
eye mabe ɖe wò aʋala ƒe fafaƒe.
Sela
5 O! Mawu, èse nye adzɔgbeɖeɖewo,
eye nètsɔ ame siwo vɔ̃a wò ŋkɔ la ƒe domenyinu nam.
 
6 Dzi fia la ƒe agbemeŋkekewo ɖe edzi nɛ,
eƒe ƒewo nasɔ gbɔ be wòakpɔ dzidzime geɖewo.
7 Neɖu fia le Mawu ŋkume tegbee,
eye na wò lɔlɔ̃ kple nuteƒewɔwɔ nakpɔ eta.
 
8 Ekema madzi kafukafuha na wò ŋkɔ tegbee,
eye maxe nye adzɔgbeɖefewo gbe sia gbe.

<- Psalmowo 60Psalmowo 62 ->