Psalmo 43
1 O! Mawu, tso afia nam,
eye nàʋli tanye le mawumavɔ̃lawo dome,
ɖem tso ame vɔ̃ɖiwo kple ameblelawo ƒe asi me.
2 Wòe nye Mawu, nye mɔ sesẽ.
Nu ka ta nègbem ɖo?
Nu ka ta manɔ yiyim, anɔ nu xam
le nye futɔwo ƒe teteɖeanyi ta ɖo?
3 Ɖo wò kekeli kple nyateƒe ɖa, ne woakplɔm;
na woakplɔm ayi ɖe wò to kɔkɔe la dzi, afi si nènɔna.
4 Ekema mayi ɖe Mawu ƒe vɔsamlekpui ŋgɔ,
Mawu si nye nye aseyetsotso kple nye dzidzɔ.
O! Mawu, nye Mawu, makafu wò kple kasaŋku.
5 O! Nye luʋɔ, nu ka ta nèle nu xam ɖo?
Nu ka ta nètsi dzodzodzoe le menye ɖo?
Tsɔ wò mɔkpɔkpɔ da ɖe Mawu dzi,
elabena magakafui,