Link to home pageLanguagesLink to all Bible versions on this site
Psalmo 120
Mɔzɔha.
1 Meyɔ Yehowa le nye xaxa me, eye wòtɔ nam.
2 O! Yehowa, ɖem,
tso aʋatsonuyiwo kple alakpaɖewo ƒe asi me.
 
3 O! Alakpaɖe, nu ka wòawɔ na wò,
eye nu ka wòatsɔ akpee na wò?
4 Atsɔ aʋawɔla ƒe aŋutrɔ ɖaɖɛwo ahe to na
wòe kpe ɖe yɔkuti ƒe dzoka xɔxɔwo ŋuti.
 
5 Baba nam be mele Mesek,
eye mele Kedar ƒe agbadɔwo me!
6 Menɔ ame siwo lé fu ŋutifafa
la dome wòdidi fũu akpa.
7 Ŋutifafamee menye,
gake ne meƒo nu la, woawo kpea aʋa.

<- Psalmowo 119Psalmowo 121 ->