7 Gake meɖe asi le nu siwo katã mebuna tsã be wonye viɖenuwo la ŋu, eye metsɔ wo katã ƒu gbe be mate ŋu atsɔ nye xɔse kple mɔkpɔkpɔ ana Kristo ɖeka ko. 8 Ɛ̃, azɔ la, ne metsɔ nu siawo katã sɔ kple viɖe gã si mekpɔ le Kristo Yesu, nye Aƒetɔ nyanya me la, womegaɖi naneke le ŋkunyeme o. Esia ta metsɔ nu mawo katã ƒu gbe, eye mebu wo aɖukpodzinuwoe, be nye asi nasu Kristo dzi, 9 eye mawɔ ɖeka kplii. Azɔ la, nyemegaɖoa ŋu ɖe nye dɔ nyui wɔwɔ ŋuti alo Mawu ƒe seawo dzi wɔwɔ ŋuti be woaɖem o, ke boŋ meɖoa dzi ɖe Kristo ŋuti be aɖem; elabena mɔ nyuitɔ si dzi míato awɔ ɖeka kple Mawu lae nye xɔse kple ŋuɖoɖo ɖe Kristo ɖeka hɔ̃ɔ ko ŋu. 10 Azɔ la, meva kpɔe be esia koe nye mɔ si dzi míato anya Kristo, eye míanya nu hã tso ŋusẽ si fɔe ɖe agbe tso ame kukuwo dome la ŋu. To esia me la, míate ŋu ase nu si wònye be míakpe fu, aku kplii la hã gɔme. 11 Eya ta nu ka kee adzɔ hã la, nye hã manye ame siwo akpɔ gome le ame kukuwo ƒe tsitretsitsi kple woƒe agbe yeye la me la dometɔ ɖeka.
15 Aleae wòle be mí ame siwo tsi le xɔsea me la, míakpɔ nu siawoe. Ke ne miaƒe susu to vovo le nu siawo dometɔ aɖe ŋu la, Mawu aɖe eya hã afia mi. 16 Ke mina míanɔ agbe ɖe nu si dzi míaƒe asi su la nu.
17 Nɔvi lɔlɔ̃awo, mikpe ɖe ame bubuwo ŋu ne miasrɔ̃ nye agbe ƒe kpɔɖeŋu, eye mialé ŋku ɖe ame siwo nɔa agbe ɖe ɖoɖo siwo míewɔ na mi la nu. 18 Elabena megblɔe na mi zi geɖe kpɔ, eye megale egblɔm na mi fifia kple aɖatsi be ame geɖewo le kristotɔwo ƒe mɔ dzi zɔm, gake le nyateƒe me la, wonye Kristo ƒe atitsoga la ƒe futɔwo. 19 Woƒe nuwuwu anye tsɔtsrɔ̃, woƒe ƒodo nye mawu na wo, eye woƒe ŋutikɔkɔe nye woƒe ŋukpe. Wobua ta me tso anyigbadzinuwo ko ŋu. 20 Ke míawo la, dziƒoe nye mía de, eye míele mɔ kpɔm na Ɖela si nye Aƒetɔ Yesu Kristo be agatso afi ma ava, 21 ame si, to ŋusẽ si na wòtsɔ nu sia nu de eƒe ŋusẽ te me la, aɖɔli míaƒe ŋutilã siwo ŋu gbɔdzɔgbɔdzɔ le la be woanɔ abe eƒe ŋutikɔkɔeŋutilã ene.
<- Filipitɔwo 2Filipitɔwo 4 ->