5 Yosua gblɔ na ameawo be, “Mikɔ mia ɖokuiwo ŋuti, elabena etsɔ la, Yehowa le nukunu gã aɖe wɔ ge.”
6 Yosua gblɔ na nunɔlawo le ŋdi me be, “Mikɔ nubablaɖaka la, eye miakplɔ mí atso Yɔdan tɔsisi lae!” Ale wodze mɔ.
7 Yehowa gblɔ na Yosua be, “Made bubu gã aɖe ŋuwò egbe ale be, Israelviwo katã nanya be meli kpli wò abe ale si menɔ kple Mose ene. 8 Gblɔ na nunɔla siwo kɔ nubablaɖaka la be woatɔ ɖe tɔsisi la nu.”
9 Yosua ƒo ƒu Israelviwo katã nu, eye wògblɔ na wo be, “Miva miase nya si Yehowa, míaƒe Mawu la gblɔ. 10 Egbe la, miadze sii kɔtɛe be Mawu gbagbe la le mia dome, eye wòanya Kanaantɔwo, Hititɔwo, Hivitɔwo, Perizitɔwo, Girgasitɔwo, Amoritɔwo, kple Yebusitɔwo le anyigba si xɔ ge míala fifia la dzi. 11 Mibu eŋu kpɔ! Mawu, ame si nye Aƒetɔ na xexea me katã la ƒe nubablaɖaka akplɔ mí atso tɔsisi lae!
12 “Fifia la, mitia ame wuieve, ame ɖeka tso Israel ƒe to ɖe sia ɖe me hena dɔ tɔxɛ aɖe wɔwɔ. 13 Ne nunɔla siwo kɔ Yehowa, anyigba la katã ƒe Aƒetɔ ƒe nubablaɖaka la, ka afɔ Yɔdan tɔsisi la me teti ko la, eƒe tsi siwo le sisim yi anyigbeme la nu atso, eye woazu gli.”
14 Ale esi ameawo do le asaɖa la me yina be woatso Yɔdan tɔsisia la, nunɔla siwo kɔ nubablaɖaka la dze ŋgɔ na wo. 15 Azɔ Yɔdan tɔsisi la ɖɔ, gbagba le nuŋeɣi katã, gake esi nunɔla siwo kɔ nubablaɖaka la ɖo Yɔdan tɔsisi la nu, eye woƒe afɔ ka tɔsisi la to teti ko la, 16 dzigbetsi la dzudzɔ sisi, eye wòzu gli le adzɔge na wo le du aɖe si woyɔna be Adam la gbɔ le Zaretan lɔƒo. Ke tsi si nɔ sisim yina ɖe anyigbeme la si yi ɖe Araba alo Dzeƒu la me. Ale tsi la ƒe sisi tɔ keŋkeŋ, eye ameawo tso tɔsisi la ɖi go ɖe Yeriko kasa. 17 Nunɔla siwo kɔ Yehowa ƒe nubablaɖaka la tɔ ɖe anyigba ƒuƒui dzi le Yɔdan tɔsisi la titina, ale Israelviwo katã tso eme va se ɖe esime dukɔ blibo la tso tɔsisi la le anyigba ƒuƒu dzi.
<- Yosua 2Yosua 4 ->