6 Ame siawo bia nya sia Yesu be yewoatsɔ atre mɔ nɛ ale be ne wògblɔ nya aɖe ko la, yewoatsɔ nya ɖe eŋu. Ke Yesu bɔbɔ ta tsɔ eƒe asibidɛ ŋlɔ nue ɖe anyigba. 7 Esi woganɔ fu ɖem nɛ kokoko be neɖo nya la ŋu na yewo la, efɔ kɔ dzi gblɔ na wo be “Mia dometɔ si mewɔ nu vɔ̃ kpɔ o la netre kpe la ƒuƒui!” 8 Esi Yesu gblɔ nya siawo vɔ la, egabɔbɔ ta, eye wògade asi nua ŋɔŋlɔ me ɖe anyigba.
9 Esi wose nya sia la, wode asi dzodzo me ɖekaɖeka, tso tsitsitɔ dzi va se ɖe esime wo katã wodzo negbe Yesu kple nyɔnu la koe susɔ. 10 Yesu fɔ ta dzi bia nyɔnu la be, “Afi ka ame siwo tsɔ nya ɖe ŋuwò la le? Wo dometɔ aɖeke meƒu kpe wò oa?”
11 Nyɔnu la ɖo eŋu nɛ be, “Ao, Aƒetɔ.”
13 Farisitɔ siwo nɔ afi ma la gblɔ nɛ be “Wò la, ɖokuiwò ko dom nèle ɖe dzi. Wò ɖaseɖiɖiwo menye nyateƒe o.”
14 Yesu ɖo eŋu na wo be, “Ne meɖi ɖase le ɖokuinye ŋu hã la, nye ɖaseɖiɖi la nye nyateƒe, elabena menya afi si metso kple afi si meyina. Gake miawo la, mienya afi si metso alo afi si meyina o. 15 Miawo la, miedrɔ̃a ʋɔnu le amegbetɔwo ƒe nugɔmesese nu. Nye la, nyemedrɔ̃a ʋɔnu ame aɖeke o. 16 Gake ne medrɔ̃ ʋɔnu la, anye ʋɔnudɔdrɔ̃ dzɔdzɔe, elabena menye nye ɖekae li o. Nye kple Fofo si dɔm lae li. 17 Miaƒe se la gblɔ be, ne ame eve ƒe ɖaseɖiɖi le nya aɖe ŋu sɔ ko la, enye nyateƒe. 18 Nye la, meɖia ɖase tso ɖokuinye ŋu. Fofo si dɔm la hã ɖia ɖase tso ŋunye.”
19 Ameawo biae be, “Afi ka fofowòa le?”
22 Esia ta Yudatɔwo bia be, “Ame sia ɖe, ɖe wòle eɖokui wu gea? Esia tae wògblɔ be, ‘Afi si meyina la, miate ŋu ava oa?’ ”
23 Yesu gagblɔ na wo be, “Miawo la, anyigba sia dzie mietso, ke nye la, dziƒoe metso. Miawo la, xexe sia me tɔwoe mienye, ke nye la, nyemetso xexe sia me o. 24 Esia ta megblɔ na mi be miaku ɖe miaƒe nu vɔ̃wo me ɖo. Le nyateƒe me la, ne miexɔ dzinye se be nyee nye ame si le vava ge o la, miaku ɖe miaƒe nu vɔ̃wo me.”
25 Ameawo gabiae be, “Gblɔ ame si tututu nènye la na mi.”
28 Ale Yesu gagblɔ na wo be, “Ne miekɔ Amegbetɔ Vi la ɖe dzi la, ekema mianya be, nyee nye ame si megblɔ be menye la, eye nyemewɔa naneke le ɖokuinye si o, ke boŋ nya siwo Fofo la fiam be magblɔ la. 29 Eya ame si dɔm la li kplim; magblẽm ɖi o, elabena mewɔa eƒe lɔlɔ̃nu ɣe sia ɣi.” 30 Esi wònɔ nu ƒom la, ame geɖewo xɔ edzi se.
33 Ameawo ɖo eŋu nɛ be, “Míawo la, Abraham ƒe dzidzimeviwoe míenye, eye míenye kluviwo na ame aɖeke kpɔ o. Nu ka ta nègblɔ be, míazu ablɔɖeviwo ɖo?”
34 Yesu ɖo eŋu na wo be, “Mele egblɔm na mi le nyateƒe me be ame sia ame si wɔa nu vɔ̃ la nye nu vɔ̃ ƒe kluvi. 35 Kluviwo la, gomekpɔkpɔ aɖeke meli na wo le ƒomea me o, gake gomekpɔkpɔ li na aƒea tɔ ƒe vi la tegbee. 36 Eya ta ne Vi la na miekpɔ ablɔɖe la, ekema miezu ablɔɖeviwo vavã. 37 Menya be Abraham ƒe dzidzimeviwoe mienye. Gake miedi be yewoawum, elabena miexɔ nye nyawo dzi se o. 38 Nu siwo gblɔm mele na mi la nye esiwo teƒe mekpɔ le Fofonye gbɔ, gake miawo la, miewɔna ɖe nya si mia fofo gblɔ la dzi.”
42 Yesu gblɔ na wo be, “Ɖe Mawu nye mia Fofo la, anye ne mialɔ̃m, elabena Mawu gbɔe metso va afi sia. Nyemeva le ɖokuinye si o, ke boŋ Mawue dɔm. 43 Nu ka ta miele nye nyawo gɔme sem o ɖo? Elabena mieɖoa to nye nyawo o. 44 Miawo la, Abosam ƒe viwoe mienye, eye miedina be yewoawɔ mia fofo ƒe didi. Amewula wònye tso gɔmedzedzea me ke, eye melɔ̃a nu si nye nyateƒe o. Nyateƒe aɖeke mele eme o. Ne ele aʋatso kam la, egblɔnɛ ɖe wo de gbe me. Aʋatsotɔ kple aʋatsofofo wònye. 45 Eya ta ne mele nyateƒe la gblɔm na mi la, miexɔa dzinye sena o. 46 Mia dometɔ kae ate ŋu atɔ asi nu vɔ̃ si mewɔ la dzi? Ne mele nyateƒea gblɔm la, nu ka ta miexɔa dzinye sena o ɖo? 47 Ame si nye Mawu tɔ la ɖoa to Mawu ƒe nyawo. Susu si ta mieɖoa to Mawu ƒe nyawo o ɖo lae nye be mienye etɔwo o.”
49 Yesu ɖo eŋu na wo be, “Gbɔgbɔ vɔ̃ aɖeke mele menye o. Nye la, medea bubu Fofonye ŋu, ke miawo la, miele vlo domem. 50 Nyemele ɖokuinye dom ɖe dzi o, gake ame aɖe li si le didim be woade bubu ye ŋu, eye eyae nye ʋɔnudrɔ̃la la. 51 Mele nyateƒe la gblɔm na mi be ame si ɖoa tom la, mele kuku ge akpɔ o.”
52 Yudatɔwo ƒe dumegãwo gagblɔ nɛ be, “Azɔ míeka ɖe edzi be, gbɔgbɔ vɔ̃ le mewò vavã, elabena Abraham kple nyagblɔɖilawo hã ku. Ke wò la, èle gbɔgblɔm be ame si xɔ ye dzi se la maku gbeɖe o. 53 Ɖe nèle gbɔgblɔm be yede ŋgɔ wu mía fofo Abraham si kua? Abraham kple nyagblɔɖilawo ku. Ame ka nèbuna be yenye?”
54 Yesu ɖo eŋu na wo be, “Nenye nye ŋutɔe le ɖokuinye kafum la, ekema nye kafukafu la menye naneke o. Fofonye, ame si miebe enye yewoƒe Mawu lae le kafuyem. 55 Togbɔ be mienyae o hã la, nye ya menyae. Ne megblɔ be nyemenyae o la, ekema menye alakpatɔ abe miawo ke ene. Ke nye la, menyae, eye meɖoa to eƒe gbe. 56 Mia fofo Abraham kpɔ dzidzɔ esi wòse be megbɔna, eye eƒe dzidzɔkpɔkpɔ de blibo esi wòkpɔ ŋkeke la.”
57 Yudatɔwo gabiae be, “Mèxɔ ƒe blaatɔ̃ gɔ̃ hã haɖe o, eye nèle gbɔgblɔm be yekpɔ Abraham mahã?”
58 Yesu ɖo eŋu na wo be, “Nyateƒe gblɔm mele na mi be meli hafi wodzi Abraham.” 59 Esi wògblɔ nya sia la, Yudatɔwo fɔ kpe be yewoaƒui, gake Yesu ɣla eɖokui, eye wòdo go le gbedoxɔ la me.
<- Yohanes 7Yohanes 9 ->