5 “Nyee nye wainti la, eye miawoe nye alɔdzeawo. Ame si le menye, eye nye hã mele eme la, atse ku nyui geɖe, elabena nye manɔmee la, miate ŋu awɔ naneke o. 6 Ame si aɖe ɖe aga tso gbɔnye la, woatsɔe aƒu gbe abe alɔdze matseku ene, eye woatɔ dzoe. 7 Ke ne miele menye, eye nye nyawo le mia me la, nu sia nu si miabia la, woawɔe na mi. 8 Esia hea ŋutikɔkɔe vɛ na Fofonye, nenye be mietse ku geɖe, eye miefia mia ɖokuiwo abe nye nusrɔ̃lawo ene.
9 “Melɔ̃ mi abe ale si Fofo la lɔ̃m ene, eya ta minɔ nye lɔlɔ̃ la me. 10 Ne miewɔa se siwo mede na mi dzi la, mianɔ nye lɔlɔ̃ la me abe ale si meɖo to Fofonye ƒe sededewo, eye menɔ eƒe lɔlɔ̃ la me ene. 11 Megblɔ nya siawo na mi be dzidzɔ si le menye la nanɔ miawo hã mia me, be miaƒe dzidzɔ nagbã go. 12 Mele se dem na mi be mialɔ̃ mia nɔewo abe ale si nye hã melɔ̃ mie ene. 13 Lɔlɔ̃ gãtɔ kekeake si ame ate ŋu aɖe afia nɔvia lae nye be wòatsɔ eƒe agbe ana ɖe exɔlɔ̃wo ta. 14 Ne miewɔ ɖe nye sewo dzi la, ekema mienye xɔ̃nyewo. 15 Nyemagayɔ mi be subɔlawo o, elabena aƒetɔ mate ŋu agblɔ eƒe nya ɣaɣlawo na subɔla o. Ke meyɔ mi be xɔ̃nyewo, elabena megblɔ nya sia nya si Fofo la gblɔ nam la na mi. 16 Menye miawoe tiam o, ke boŋ nyee tia mi, eye ɖe metia mi be miayi aɖatse ku, kutsetse siwo anɔ anyi ɖaa. Eye Fofo la ana nu sia nu si miabia le nye ŋkɔ dzi la mi. 17 Mele se dem na mi be milɔ̃ mia nɔewo.
26 “Ne Nyaxɔɖeakɔla la, ame si madɔ ɖo ɖe mi tso Fofo la gbɔ, nyateƒe ƒe Gbɔgbɔ si tso Fofo la gbɔ va la, aɖi ɖase tso ŋutinye. 27 Eye ele be miawo hã miaɖi ɖase le ŋutinye, elabena mienɔ anyi kplim tso gɔmedzedzea me ke.
<- Yohanes 14Yohanes 16 ->