1 Le Abimelek ƒe ku megbe la, Israel ƒe ʋunudrɔ̃la si va ɖe eyomee nye Tola, Pua ƒe vi kple Dodo ƒe tɔgbuiyɔvi. Etso Isaka ƒe to la me, ke enɔ Samir le Efraim ƒe tonyigba dzi. 2 Enye ʋunudrɔ̃la na Israelviwo ƒe blaeve-vɔ-etɔ̃ eye esi wòku la, woɖii ɖe Samir. 3 Ʋunudrɔ̃la si kplɔe ɖo lae nye Yair, ŋutsu aɖe si tso Gilead. Eya hã drɔ̃ ʋɔnu Israel ƒe blaeve-vɔ-eve. 4 Via ŋutsu blaetɔ̃awo doa tedzi ɖia tsa eye du blaetɔ̃ nɔ wo si le Gileadnyigba dzi, afi si wogayɔna egbegbe be, “Yair duwo.” 5 Esi Yair ku la, woɖii ɖe Kamon.
15 Israelviwo gaɖe kuku na Mawu be, “Míewɔ nu vɔ̃, he to na mí le mɔ ɖe sia ɖe si dze ŋuwò la dzi eye nàgaɖe mí tso míaƒe futɔwo ƒe asi me ko!”
16 Israelviwo trɔ le mawu bubuawo yome eye wosubɔ Yehowa ɖeɖe ko. Woƒe blanuiléle do nuxaxa na Yehowa. 17 Le ɣe ma ɣi la, Amonitɔwo ƒe aʋakɔ ƒu asaɖa anyi ɖe Gilead hena aʋawɔwɔ kple Israel ƒe aʋakɔ le Mizpa.
18 Gilead ƒe kplɔlawo gblɔ be, “Ame kae akplɔ míaƒe aʋakɔwo le aʋawɔwɔ kple Amonitɔwo me? Ame si akplɔ míaƒe aʋakɔwo la azu míaƒe fia!”
<- Ʋɔnudrɔ̃lawo 9Ʋɔnudrɔ̃lawo 11 ->