9 Ɖe mana be vidziɣi naɖo, gake magbe vixexea?” Yehowae gblɔe.
“Ɖe nye ame si ɖe mɔ be woadzi vi la, natu vidzidɔa?”
Wò Mawu lae gblɔe.
10 “Mitso aseye ɖe Yerusalem ŋu,
eye mikpɔ dzidzɔ kplii,
mi ame siwo katã lɔ̃e.
Mitso dzidzɔ ƒe aseye kplii,
mi ame siwo katã fa konyi ɖe eta,
11 elabena miano eƒe akɔfafa ƒe no, eye miaɖi kɔ.
Mianoe fũu, eye ale si notsi la le dodom bababa la,
ana miaƒe dziwo nadze eme.”
12 Elabena ale Yehowa gblɔe nye esi,
“Matsɔ ŋutifafa nɛ wòasi abe tɔsisi ene,
eye dukɔwo ƒe kesinɔnuwo ava nɛ
abe tɔʋu si ɖɔ gbã go la ene.
Àno eƒe no, akɔ wò ɖe eƒe abɔwo me,
eye àfe le eƒe atata.
13 Abe ale si vi dada faa akɔe na via ene la,
nenema mafa akɔ na mi,
eye woafa akɔ na mi le Yerusalem ta.”
14 Ne miekpɔ esia la, miaƒe dziwo akpɔ dzidzɔ,
eye miatsi abe gbe ene.
Woaɖe Yehowa ƒe asi ɖe go afia eƒe dɔlawo.
Ke woaɖe eƒe dɔmedzoe helĩhelĩ la, afia eƒe futɔwo.
15 Kpɔ ɖa, Yehowa gbɔna kple dzo bibi,
eye eƒe tasiaɖamwo le abe ahomya ene.
Aɖe eƒe dziku ɖe go le dɔmedzoe helĩhelĩ me,
eye wòaɖe eƒe mokaname afia le dzo ƒe aɖewo me,
16 elabena Yehowa atsɔ dzo
kple eƒe yi ahe ʋɔnudɔdrɔ̃ ava amewo katã dzi.
Ame geɖewoe nye ame siwo Yehowa awu.
17 Yehowa be, “Ame siwo wɔ wo ɖokuiwo kɔkɔe hekɔ wo ɖokuiwo ŋu nyuie be woayi ɖe abɔwo me, eye wokplɔ ame si le titina na halã, alegeli kple ŋunyɔnu bubuwo ɖulawo ɖo la, wo katã woatsrɔ̃ ɖekae.
18 “Ke nye la, le woƒe nuwɔnawo kple tameɖoɖo ta la, esusɔ vie mava ƒo dukɔwo kple gbegbɔgblɔwo katã nu ƒu be woakpɔ nye ŋutikɔkɔe.
19 “Maɖo dzesi anyi ɖe wo dome, eye maɖo ame siwo tsi agbe la ƒe ɖewo ɖe dukɔwo dome, ɖe Tarsis, Libia kple Lidiatɔwo dome, ame siwo xɔ ŋkɔ le aŋutrɔdada me. Maɖo ɖewo ɖe Tubal, Griknyigba dzi kple didiƒeƒukpowo dzi, afi si womese nye gãnyenye alo kpɔ nye ŋutikɔkɔe le kpɔ o. Woaɖe gbeƒã nye ŋutikɔkɔe le dukɔwo dome. 20 Woakplɔ nɔviwò ŋutsuwo katã ɖe asi vɛ, woanɔ sɔwo dzi, woanɔ tasiaɖamwo me, woanɔ kekewo, tedzisɔwo kple kposɔwo dzi, tso dukɔwo katã dome ava nye to kɔkɔe, Yerusalem dzi abe vɔsa ene na Yehowa. Woatsɔ wo vɛ abe ale si Israelviwo tsɔa nuɖuvɔsa vaa Yehowa ƒe gbedoxɔ me ɖe agba gbadzɛwo me ene, 21 eye matia wo dometɔ aɖewo be woanye nunɔlawo kple Leviviwo.” Yehowae gblɔe.
22 Yehowa be, “Abe ale si dziƒo kple anyigba yeye siwo mewɔ la anɔ anyi tegbee le nye ŋkume ene la, nenema ke wò ŋkɔ kple wò dzidzimeviwo anɔ anyi tegbee. 23 Tso Dzinu Yeye yi Dzinu Yeye, tso Dzudzɔgbe ɖeka yi Dzudzɔgbe bubu, amegbetɔwo katã ava ade ta agu ɖe nye ŋkume. 24 Woado go aɖakpɔ ame siwo dze aglã ɖe ŋunye la ƒe kukuawo, elabena woƒe nyewo maku o, woƒe dzowo matsi o, eye woanye ŋunyɔ na amegbetɔƒomea katã.”