4 Le miaƒe ʋiʋli le nu vɔ̃ si me la, mieʋli va se ɖe esime miaƒe ʋu kɔ ɖi haɖe o. 5 Ke mieŋlɔ dzideƒonya si yɔ mi be viŋutsuwo la be. Nya lae nye be,
7 Mito fukpekpe me abe miaƒe hehe ƒe akpa aɖe ene, elabena Mawu le mia hem abe via ŋutsuwo ene, elabena viŋutsu kae li ame si fofoa mehea to na o? 8 Ame sia ame toa hehe te, eya ta ne miawo mieto hehe te o la, ekema mienye viŋutsuvi vavãwo o, ke boŋ mienye ahasiviwo. 9 Gawu la, anyigbadzifofowo le mía si, ame siwo naa hehe mí, eye míetsɔ bubu na wo ɖe eta. Ke hã la, ele be míabɔbɔ mía ɖokui ɖe mía Fofo gbɔgbɔmetɔ te ɣe sia ɣi be míanɔ agbe! 10 Míaƒe anyigbadzifofowo hea to na mí hena ɣeyiɣi kpui aɖe abe ale si wònyo na woe ene, gake Mawu ya hea to na mí hena míaƒe nyonyo be míakpɔ gome le eƒe kɔkɔenyenye me. 11 Tohehe aɖeke meli si vivia ame nu o, ke boŋ evena, ke hã la, emegbe la, etsea dzɔdzɔenyenye kple ŋutifafa ƒe kuwo na ame siwo to tohehe la te.
12 Eya ta mido ŋusẽ miaƒe abɔ siwo gbɔdzɔ kple miaƒe klo beliwo. 13 Mita mɔ dzɔdzɔewo na miaƒe afɔwo, ale be atatututɔ matsi mɔ ta o, ke boŋ wòakpɔ dɔyɔyɔ.
18 Menye to si ŋuti womate ŋu aka asii, to si le bibim kple dzo la gbɔe mieva o; mieva viviti, afudodo kple ahom gbɔ. 19 Menye kpẽ ƒe ɖiɖi, gbe si le nu ƒom, ale be ame siwo see la ɖe kuku nɛ be megaƒo nu na yewo azɔ o la gbɔe mieva o; 20 elabena womate ŋu awɔ ɖe gbe si woɖe na wo be, “Ne lã aɖe gɔ̃ hã ka asi to la ŋu la, ele be woaƒu kpee wòaku” la dzi o. 21 Nukpɔkpɔ la dzi ŋɔ ale gbegbe be Mose gblɔ be, “Mele dzodzom nyanyanya kple vɔvɔ̃.”
22 Ke mieva Zion to la gbɔ, dziƒo Yerusalem, si nye Mawu gbagbe la ƒe du la gbɔe mieva. Mieva mawudɔla akpeakpe siwo ƒo ƒu le dzidzɔ kpɔm la ƒe asaɖa me. 23 Mieva ŋgɔgbevi la ƒe hame, ame si ƒe ŋkɔ woŋlɔ ɖe dziƒo. Mieva Mawu, ame si nye amegbetɔwo katã ƒe ʋɔnudrɔ̃la la gbɔ. Mieva ame dzɔdzɔe siwo wowɔ blibo la ƒe gbɔgbɔwo gbɔ, 24 mieva Yesu, nubabla yeye la ƒe avuléla la gbɔ kple ʋuhehlẽ ɖi si ƒo nu nyuie wu Abel ƒe ʋu la gbɔ.
25 Mikpɔ nyuie be miagagbe toɖoɖo ame si le nu ƒom la o. Nenye be womete ŋu si, esi wogbe toɖoɖo eya ame si xlɔ̃ nu wo le anyigba dzi la nu o la, aleke míawo ya míate ŋu asii ne míegbe toɖoɖo ame si le nu xlɔ̃m mí tso dziƒo? 26 Le ɣe ma ɣi me la, eƒe gbe ʋuʋu anyigba, gake azɔ la, edo ŋugbe be, “Magaʋuʋu, menye anyigba ɖeɖe ko o, ke boŋ dziƒowo hã.” 27 Nyakui “ga” ɖee fia be woaɖe nu si woate ŋu aʋuʋu la ɖa, nu siwo nye nuwɔwɔwo, ale be nu siwo womate ŋu aʋuʋu o la ɖeɖe ko natsi anyi.
28 Eya ta esi míele mɔ kpɔm na fiaɖuƒe si womate ŋu aʋuʋu o la xɔxɔ la, mina míada akpe ɖe eta, eye míasubɔ Mawu le mɔ si adze la dzi le vɔvɔ̃ kple dzodzo nyanyanya me, 29 elabena dzo si fiaa nu lae nye míaƒe Mawu la.
<- Hebritɔwo 11Hebritɔwo 13 ->