2 Esiae nye Yakob ƒe dzidzimeviwo ŋutinya.
3 Israel lɔ̃ Yosef wu via bubuawo, elabena wodzi Yosef nɛ esime wònye amegãɖeɖi. Ale gbe ɖeka Yakob tɔ awu ʋlaya nyui aɖe nɛ. 4 Yosef nɔviwo de dzesi lɔlɔ̃ tɔxɛ si wo fofo tsɔ nɛ la, eya ta wolé fui, eye womeƒoa nu nɛ kple nɔvilɔlɔ̃ ƒe gbe o.
5 Gbe ɖeka la, Yosef ku drɔ̃e, eye wòlĩi na nɔviawo. Nu sia gadzi nɔviawo ƒe fuléle ɖe edzi!
6 Egblɔ be, “Miɖo to miase nye drɔ̃e la ɖa. 7 Míeyi ɖanɔ mɔlu blam le gbedzi; tete nye mɔlu babla tsi tsitre, eye mia tɔwo katã va ƒo xlãe, eye wode ta agu nɛ.”
8 Nɔviawo gblɔ nɛ fewuɖutɔe be, “Ekema ɖe nèdi be yeazu fia ɖe mía dzia?” Ale wogalé fui ɖe edzi wu le eƒe drɔ̃e la kple eƒe nyawo ta.
9 Yosef gaku drɔ̃e bubu, eye wògalĩi na nɔviawo be, “Mise nye drɔ̃e si megaku la ɖa. Ɣe, ɣleti kple ɣletivi wuiɖekɛ de ta agu nam!” 10 Azɔ ya la, elĩ drɔ̃e la na fofoa kple nɔviawo siaa, ke fofoa ka mo nɛ hebiae be, “Drɔ̃e ka tɔgbie nye esia? Ɖe nye kple dawò kple nɔviwòwo míava de ta agu na wò gbe ɖekaa?” 11 Nɔviawo ʋã ŋui ɖe edzi wu, gake fofoa ya de ŋugble le nya la ŋuti.
14 Ale wògblɔ nɛ be, “Yi nàkpɔe ɖa be nu sia nu le edzi yim nyuie na nɔviwòwo kple woƒe lãwo hã, eye nàva gblɔe nam.” Ale wòɖoe ɖa le Hebron ƒe Balime.
16 Yosef ɖo eŋu be, “Nɔvinyewo kple woƒe alẽwo dim mele; èkpɔ wo nama?”
17 Ŋutsu la ɖo eŋu be, “Ɛ̃, womegale afi sia o; mese nɔviwòwo nɔ gbɔgblɔm be yewoayi Dotan.”
19 Wogblɔ na wo nɔewo be, “Drɔ̃ekula ma gbɔna ɖaa! 20 Mina míawui atsɔ eƒe ŋutilã aƒu gbe ɖe vudo siawo dometɔ ɖeka me, eye míagblɔ be lã wɔadã aɖee vuvui. Ekema míakpɔ nu si ado tso eƒe drɔ̃ekuku la me ɖa.”
21 Esi Ruben se nya sia la, edze agbagba be yeaɖee tso woƒe asi me. Egblɔ be, “Migana míawui o. 22 Migakɔ ʋu aɖeke ɖi o. Midae ɖe vudo sia me le gbegbe la, gake migade asi eŋu o.” Ruben gblɔ nya sia be yeaɖee tso woƒe asi me, eye yeakplɔe ayi na fofoa. 23 Eya ta esi Yosef ɖo nɔviawo gbɔ la, woɖe eƒe awu ʋlaya la le eŋu, 24 eye wolée da ɖe vudo aɖe si me tsi menɔ o la me. 25 Wonɔ anyi, ɖu nu; kasia wokpɔ kposɔ aɖewo le didiƒe gbɔna wo gbɔ. Wonye Ismaeletɔ asitsala siwo tso Gilead la, eye wotsɔ aŋe, lifi kple kotoklobo yina ɖe Egipte.
26 Yuda gblɔ na nɔviawo be, “Viɖe ka míakpɔ ne míewu mía nɔvi, eye míetsyɔ nu eƒe ʋu dzi?
27 “Mina míadzrae na Ismaeletɔwo, eye míade asi eŋu o, elabena mía nɔviŋutsue; míawo ŋutɔ míaƒe ŋutilã kple ʋue.” Nɔviawo lɔ̃ ɖe edzi. 28 Ale esi Midiansitsalawo va ɖo wo gbɔ la, woɖe Yosef le vudo la me, dzrae na Ismaeletɔwo klosalo blaeve, eye wokplɔe yi Egipte. 29 Ruben menɔ anyi hafi nɔviawo dzra Yosef o. Emegbe esi wòtrɔ gbɔ la, eyi be yeaɖe Yosef le vudo la me, ke esi wòkpɔ be Yosef megale vudoa me o la, evee ŋutɔ, eye wòdze eƒe awuwo.
30 Efa avi hegblɔ na nɔviawo be, “Ɖevi la megale vudo la me o; ke afi ka nye ya mayi fifia?”
31 Nɔviawo wu gbɔ̃ aɖe, eye wotsɔ Yosef ƒe awuwo bliba ɖe gbɔ̃ la ƒe ʋu me. 32 Wotsɔ awu la yi na wo fofo be wòakpɔ ɖa be ame ka tɔe mahã.
34 Israel dze eƒe awuwo, ta akpanya, eye wòfa konyi le via ƒe ku ta kɔsiɖa geɖewo. 35 Ƒometɔwo katã dze agbagba be yewoafa akɔ nɛ do kpoe.
36 Midiantɔwo kplɔ Yosef yi Egipte, eye wodzrae na Potifar, ame si nye Egipte fia, Farao ƒe aƒedzikpɔla kple eŋudzɔsrafowo ƒe amegã.
<- Mose 1 36Mose 1 38 ->