4 Yakob te ɖe alẽkplɔlawo ŋu, eye wòbia wo be, “Nɔvinyewo, afi ka míetso?”
5 Yakob bia be, “Mienya ame aɖe si woyɔna be Laban, eye wònye Nahor ƒe via?”
6 Egabia wo be, “Eli nyuiea?”
7 Yakob gabia wo be, “Nu ka ta miana tsi alẽawo ale be woate ŋu agatrɔ ayi gbeɖuƒe o ɖo? Elabena zã medo haɖe o; ne mieƒo ƒu wo ɖe afi sia fifia la, dɔ awu wo.”
8 Woɖo eŋu nɛ be, “Míemlia kpea ɖa o va se ɖe esime alẽhawo kple alẽkplɔlawo katã va ƒo ƒu ɖe afi sia.”
9 Esi wonɔ nya siawo gblɔm la, Rahel va ɖo kple fofoa ƒe alẽwo, elabena alẽkplɔla wònye. 10 Esi Rahel nye Yakob dadaa nɔviŋutsu Laban ƒe vi, eye alẽawo nye Yakob nyrui tɔ ta la, Yakob yi vudo la gbɔ, mli kpea ɖa, eye wòna tsi nyruia ƒe alẽwo. 11 Yakob gbugbɔ nu na Rahel, eye Yakob de asi avifafa me. 12 Yakob gblɔ na Rahel be fofoa ƒe ƒometɔ kple Rebeka ƒe viŋutsu yenye. Ale Rahel ƒu du yi ɖagblɔ nya la na fofoa.
13 Esi Laban se nya sia tso Yakob, nɔvia nyɔnu ƒe viŋutsu ŋu la, eɖe abla yi ɖakpee. Ekpla asi kɔ nɛ, gbugbɔ nu nɛ, kplɔe yi aƒe me, eye Yakob gblɔ nyawo katã nɛ le afi ma.
19 Laban ɖo eŋu be, “Melɔ̃. Enyo nam be matsɔe na wò boŋ wu be matsɔe na ame bubu aɖe si medo ƒome kplim o.”
20 Ale Yakob subɔ ƒe adre ɖe Rahel ta. Ke ƒe adreawo ɖi ŋkeke ʋɛ aɖewo ko le eŋkume, elabena elɔ̃ Rahel ŋutɔ. 21 Mlɔeba la, ɣeyiɣi la de be wòaɖee. Yakob gblɔ na Laban be, “Mewɔ nu si nèɖo nam la, eya ta ele na wò azɔ be nàɖe asi le srɔ̃nye ŋu nam madɔ kplii.”
22 Ale Laban ɖo kplɔ̃ gã aɖe, eye wòkpe ŋutsu siwo katã nɔ dua me la be woakpɔ dzidzɔ kple Yakob. 23 Emegbe le zã me la, Laban kplɔ Lea yi na Yakob, eye Yakob dɔ egbɔ. 24 Laban tsɔ eƒe kosi Zilpa na Lea be wòanye eƒe dɔlanyɔnu. 25 Ke esi ŋu ke la, Yakob kpɔ be Lea boŋ wona yeɖe!
26 Laban ɖo eŋu be, “Mesɔ ɖe míaƒe kɔnyinyi nu be woaɖe ɖetugbi suetɔ gbã hafi woaɖe tsitsitɔ o. 27 Lala ne wò srɔ̃ɖeɖe ƒe kɔsiɖa gbãtɔ nava yi, ekema àte ŋu aɖe Rahel hã ne àgasubɔm ƒe adre bubu ko!”
28 Yakob lɔ̃ be yeagasubɔ ƒe adre bubu, ale Laban tsɔ Rahel hã nɛ. 29 Laban tsɔ eƒe kosivi Bilha na Rahel be wòasubɔe. 30 Ale Yakob dɔ Rahel hã gbɔ. Elɔ̃ Rahel sãa wu Lea, eye wògasubɔ ƒe adre bubu.