3 Egblɔ be, “Ne miave nunye la, nye aƒetɔ, ekema migato miaƒe dɔla ŋu yi o. 4 Mina woaku tsi vi aɖe vɛ miaklɔ afɔe, eye miaɖi ɖe eme sẽe le ati sia te, 5 eye madi nane na mi miaɖu be wòado ŋusẽ mi. Mitɔ vie hafi miagayi miaƒe mɔzɔzɔ dzi.” Amedzroawo ɖo eŋu be, “Enyo; wɔ abe ale si nègblɔ ene.” 6 Abraham ƒu du yi eƒe agbadɔ me, eye wògblɔ na Sara be, “Netsɔ! Tɔ tatalĩ! Kɔ wò wɔ nyuitɔ, eye nàtɔ tatalia wòasu na wo ame etɔ̃!” 7 Emegbe la, eƒu du yi nyihawo me, lé nyivi dami aɖe, eye wògblɔ na eƒe subɔla aɖe be wòawui enumake. 8 Eteƒe medidi o, etsɔ notsi babla kple notsi tsitɔ kple nyilã meme ɖo akɔme na wo. Enɔ atiawo te le amedzroawo gbɔ esime wonɔ nua ɖum.
9 Wobiae be, “Afi ka srɔ̃wò, Sara le?”
10 Wo dometɔ ɖeka gblɔ be, “Yehowa gblɔ be, ‘Le ƒe si gbɔna me la, srɔ̃wò Sara adzi ŋutsuvi’ ” Sara nɔ agbadɔ me le Abraham megbe nɔ nya siawo sem. 11 Azɔ la, Abraham kple Sara tsi ŋutɔ, eye Sara ƒe vidziɣi va yi xoxoxo.
12 Nu sia na Sara ko nu le ta me, eye wògblɔ na eɖokui be, “Nyɔnu tsitsi abe nye ene nagadzi vi kple srɔ̃nye tsitsi sia?”
13 Yehowa gblɔ na Abraham be, “Nu ka ta Sara ko nu ɖo? Nu ka ta wògblɔ be, ‘Ɖe nyɔnu tsitsi abe nye ene ate ŋu adzi via?’ 14 Ɖe nane sesẽ akpa na Yehowa? Le ƒe si gbɔna me, abe ale si megblɔ na wò xoxo ene la, Sara adzi ŋutsuvi.”
15 Ke Sara da alakpa be, “Nyemeko nu o,” elabena evɔ̃.
17 Yehowa gblɔ le eɖokui me be, “Ɖe maɣla nye ɖoɖowo ɖe Abraham mahã? 18 Eyae azu dukɔ gã aɖe, eye wòahe yayra vɛ na dukɔwo katã le anyigba dzi. 19 Kpe ɖe esia ŋu la, metiae be eƒe dzidzimeviwo nanye mawuvɔ̃lawo, ame siwo anye ame dzɔdzɔewo kple nuteƒewɔlawo, ale be mate ŋu awɔ nu siwo katã ŋugbe medo nɛ la.”
20 Ale Yehowa gblɔ na Abraham be, “Mese be Sodomtɔwo kple Gomoratɔwo nye nu vɔ̃ wɔlawo, eye nu sia nu si woawɔ la nye nu vɔ̃ɖi. 21 Mele teƒe mawo yim be manya ne nya siawo nye nyateƒe alo aʋatso. Ekema manya nu si mawɔ.” 22 Ameawo trɔ ɖo ta Sodom, ke Abraham ya tɔ ɖe Yehowa ŋkume. 23 Tete Abraham te ɖe eŋu hebiae be, “Ɖe nàtsrɔ̃ ame dzɔdzɔewo kpe ɖe ame vɔ̃ɖiwo ŋua? 24 Ne àkpɔ ame dzɔdzɔe blaatɔ̃ le dua me ɖe, ɖe nàtsrɔ̃ du blibo la, eye màkpɔ nublanui le ame dzɔdzɔe blaatɔ̃awo ta oa? 25 Esia masɔ o! Meka ɖe edzi be màwɔ nu ma tɔgbi, awu ame dzɔdzɔewo kple ame vɔ̃ɖiwo siaa o! Nu ka ta nàhe to na ame dzɔdzɔewo kple ame vɔ̃ɖiwo siaa ɖekae ɖo? Eme kɔ ƒãa be màwɔ nenema o! Ɖe xexea me blibo la ƒe Ʋɔnudrɔ̃la mawɔ nu dzɔdzɔe oa?”
26 Yehowa ɖo eŋu be, “Ne makpɔ ame dzɔdzɔe blaatɔ̃ le Sodom dua me la, ekema mave du blibo la nu ɖe ame dzɔdzɔeawo ta.”
27 Abraham gagblɔ be, “Togbɔ be menye ʋuʋudedi kple afi ko hã la, esi medze nuƒoƒo kple wò Aƒetɔ la gɔme xoxo ta la, ɖe mɔ nam mayi edzi ko. 28 Ne àkpɔ ame blaene-vɔ-atɔ̃ ko ɖe, ɖe nàtsrɔ̃ du la ɖe ame atɔ̃ makpɔmakpɔ ta?”
29 Tete Abraham gayi edzi be, “Ne ame dzɔdzɔe blaene koe li ɖe?”
30 Abraham gblɔ be, “Meɖe kuku, mègana dzi naku wò o; ɖe mɔ nam maƒo nu. Nenye ame blaetɔ̃ koe nàkpɔ le afi ma ɖe?”
31 Abraham yi edzi be, “Zi ale si medo dzi ƒo nu kple Yehowa ko la, na mayi edzi ko. Nenye ame blaeve koe ɖe?”
32 Mlɔeba la, Abraham gblɔ be, “O, Yehowa, mègado dɔmedzoe o; nya ɖeka sia pɛ koe gale asinye, nenye be ame dzɔdzɔe ewo pɛ ko nàkpɔ ɖe?”
33 Esi Yehowa wu nya siawo gbɔgblɔ kple Abraham nu la, edzo, eye Abraham trɔ yi eƒe agbadɔ me.
<- Mose 1 17Mose 1 19 ->