1 Nya si gblɔm mele lae nye be zi ale si domenyila aɖe nye ɖevi ko la, vovototo aɖeke mele eya kple kluvi dome o, evɔ eyae nye nuwo katã ƒe aƒetɔ hafi. 2 Ele na ɖevi la be wòawɔ nu si edzikpɔlawo ɖo nɛ la va se ɖe esime wòaxɔ ƒe si fofoa ɖo da ɖi la.
12 Nɔvi lɔlɔ̃awo, mele kuku ɖem na mi be miwɔ nu abe nye ene, elabena nye hã mezu abe miawo ene. Miewɔ vɔ̃ aɖeke ɖe ŋunye o. 13 Abe ale si mienyae ene la, menɔ dɔ lém esi metsɔ nyanyui la vɛ na mi zi gbãtɔ. 14 Togbɔ be nye dɔléle la nye nuɖiaɖia hã la, miegbe nu le gbɔnye alo do vlom o, ke boŋ miexɔm, eye miekpɔ dzinye abe mawudɔla aɖe menye alo Yesu Kristo ŋutɔ ene. 15 Azɔ afi ka miaƒe dzidzɔ ƒe kafukafu la le? Elabena mate ŋu agblɔe be, ɖe miete ŋui la, ne mieho miaƒe ŋkuwo le to me hetsɔ nam. 16 Ke azɔ la, ɖe mezu miaƒe futɔ, elabena megblɔ nyateƒe la na mia?
17 Aʋatsonufiala mawo le didim vevie be yewoadze mia ŋu, ke menye ɖe miaƒe nyonyo ta o. Nu si wole didim be yewoawɔ lae nye be yewoɖe mi ɖe aga tso gbɔnye, ale be miaɖo to yewo wu. 18 Enyo ne amewo ve mia nu kple tameɖoɖo nyui ɖaa, ke menye le ɣeyiɣi si me mele mia gbɔ ko o. 19 Vinye lɔlɔ̃awo, megale veve sem ɖe mia nu abe funɔ si le ku lém la ene va se ɖe esime Kristo ƒe gbɔgbɔ ayɔ mia me mlɔeba. 20 Medi vevie be manɔ mia gbɔ fifia, ne nyemanɔ nu siawo ŋlɔm na mi o hafi; ke esi mía dome didi ta la, maʋu eme be nyemenya nu si tututu mawɔ o.
24 Nu siawo nye lododo ko, elabena nyɔnu eveawo sɔ kple nubabla eve. Nubabla ɖeka la, woxɔe le Sinai to dzi, eye eyae dzi ɖevi siwo nye kluviwo. Esia nye Hagar. 25 Eya ta Hagar nye Sinai to si le Arabia, eye wòsɔ kple egbegbe Yerusalem du, elabena eya kple viawo le kluvinyenye me. 26 Ke Yerusalem si le dziƒo la vo, menye kluvi o, eye eyae nye mía dada. 27 Elabena woŋlɔ ɖi bena,
28 Azɔ nɔviwo, abe Isak ene la, miawo la, mienye ŋugbedodo la ƒe viwo. 29 Abe ale si viŋutsu, si wodzi le ŋutilã la nu ti viŋutsu, si wodzi tso Gbɔgbɔ Kɔkɔe la me yome va yi ene la, nenema tututu wògale fifia hã. 30 Ke nu ka Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la gblɔ? Egblɔ be, “Nya kosi la kple via, elabena kosi la ƒe vi mate ŋu anyi Abraham ƒe dome kple ablɔɖenyɔnu la ƒe vi gbeɖe o.” 31 Eya ta nɔviwo, menye kosi la ƒe viwo míenye o, ke boŋ míenye ablɔɖenyɔnu la ƒe viwo.
<- Galatiatɔwo 3Galatiatɔwo 5 ->