8 “Ke maɖe ame aɖewo ya, elabena mia dometɔ aɖewo asi le yinu ne wokaka mi ɖe anyigba dzi kple dukɔwo dome. 9 Ekema le dukɔ siwo me woɖe aboyo wo yi la, ame siwo asi la, aɖo ŋku dzinye. Woaɖo ŋku ale si woƒe ahasiwɔdzi siwo trɔ le yonyeme kple ale si woƒe ŋkuwo nɔ woƒe legbawo ŋu la na mese vevee la dzi, woase veve ɖe nu vɔ̃ɖi siwo wowɔ kple woƒe wɔna nyɔŋuwo katã ta. 10 Woanya be nyee nye Yehowa; nyemedo ŋɔdzi na wo dzodzro be mahe dzɔgbevɔ̃e sia va wo dzii o.”
11 “Nya si Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye, ‘Miƒo asikpe, mitu afɔ anyi, eye miado ɣli be, “Ao!” Le Israel ƒe aƒe la ƒe nu vɔ̃ɖiwo kple ŋunyɔnuwo katã ta, elabena yi, dɔwuame kple dɔvɔ̃ atsrɔ̃ wo. 12 Ame si le adzɔge ʋĩi la, dɔvɔ̃ awui, ame si le kpuiƒe la, yi awui, eye ame si atsi agbe la, aku le dɔwuame ta. Alea mawɔ nye dziku ŋu dɔ ɖe wo ŋutie. 13 Ale woanya be nyee nye Yehowa, ne woƒe ame kukuwo mlɔ woƒe legbawo dome, eye ɖewo ƒo xlã woƒe vɔsamlekpuiwo le nuxeƒe ɖe sia ɖe kple to ɖe sia ɖe dzi, le ati dama kple oɖumti dama ɖe sia ɖe te, teƒe siwo katã wodoa dzudzɔ ʋeʋĩ na woƒe legbawo katã le. 14 Mado nye asi ɖa ɖe wo ŋu, eye mana woƒe anyigba nazu gbegbe, tso gbegbe la to yi Dibla, afi sia afi si woanɔ. Ekema woanya be nyee nye Yehowa.’ ”
<- Hezekiel 5Hezekiel 7 ->