4 Gake ɖe lɔlɔ̃ gã si wòtsɔ na mí ta la, Mawu, ame si nye nublanuikpɔla la 5 na agbe mí le Kristo me, togbɔ be míenye nu vɔ̃ wɔlawo hã la, amenuveve wòtsɔ ɖe mie. 6 Eye Mawu fɔ mi ɖe tsitre kple Kristo, eye wòna míenɔ anyi kplii le dziƒonutowo me le Kristo Yesu me, 7 be le ɣeyiɣi siwo ava me la, yeaɖe yeƒe kesinɔnu kple amenuveve sɔ gbɔ si wòɖe fia to eƒe dɔmenyonyo me la afia mí le Kristo Yesu me.
8 Le eƒe amenuveve sɔ gbɔ la ta la, miekpɔ ɖeɖe to Kristo dzixɔse me, menye nu siwo tso míawo ŋutɔ gbɔ o; ke boŋ enye Mawu ƒe nunana, 9 menye le dɔ siwo miewɔ la ta o, be ame aɖeke naƒo adegbe o. 10 Elabena Mawu ƒe nuwɔwɔwo míenye, ame siwo wowɔ le Kristo Yesu me hena dɔ nyuiwo wɔwɔ, dɔ siwo Mawu dzra ɖo ɖi na mí be míawɔ la.
14 Elabena eya ŋutɔe nye míaƒe ŋutifafa. Ewɔ ŋutifafa le mí Yudatɔwo kple mi ame siwo menye Yudatɔwo o la dome, eye wòɖe mɔxenu la ɖa, eye wòɖe mama ƒe gli si nɔ mía dome tsã la ɖa. 15 To eƒe ŋutilã me la, eɖe se la kple eƒe ɖoɖowo ɖa. Eƒe taɖodzinue nye be yeawɔ ame yeye ɖeka tso ame eveawo me le eɖokui me, be ŋutifafa nanɔ wo dome, 16 eye le ŋutilã ɖeka sia me la, wòana woazu ɖeka kple Mawu to atitsoga la dzi, eye wòatsrɔ̃ woƒe fuléle la. 17 Eva gblɔ ŋutifafa nyanyui la na mi ame siwo nɔ adzɔge ke tso egbɔ, eye wògblɔ ŋutifafa na ame siwo te ɖe eŋu la. 18 To eya amea me la, mí katã míate ŋu ayi Fofo la gbɔ to Gbɔgbɔ ɖeka ma dzi.
19 Esia ta mieganye amedzrowo o, ke boŋ mi kple Mawu ƒe amewo mienye ame ɖeka, Mawu ƒe aƒemetɔwo kple Mawu ƒe dumetɔwo, 20 siwo wotu ɖe apostolowo kple nyagblɔɖilawo ƒe gɔmeɖokpe la dzi, eye Kristo Yesu ŋutɔ nye dzogoedzikpe gã la. 21 Le eya amea me la, wote xɔ la katã ƒo ƒu be wòakɔ azu gbedoxɔ kɔkɔe na Aƒetɔ la. 22 Le eya amea me la, wowɔ miawo hã ɖekae be miazu nɔƒe si Mawu anɔ to eƒe Gbɔgbɔ la me.
<- Efesotɔwo 1Efesotɔwo 3 ->