2 “Ne ètso Yɔdan tɔsisi la, eye nèɖo Ŋugbedodonyigba la dzi la, ɖe kpe gãwo tso tɔsisi la me, eye nàtsɔ wo awɔ ŋkuɖodzikpe enumake ɖe tɔsisi la ƒe akpa kemɛ le Ebal to la gbɔ. Si akalo na kpeawo, 3 eye nàŋlɔ Mawu ƒe seawo katã ɖe kpeawo dzi, gbe si gbe nèɖo tɔ la godo be nàyi anyigba si Yehowa, wò Mawu la le na wò ge la dzi, anyigba si dzi ‘notsi kple anyitsi bɔ ɖo,’ abe ale si Yehowa, fofowòwo ƒe Mawu la do ŋugbee ene.
4 “Ne ètso Yɔdan tɔsisi la la, ɖo kpe siawo ɖe Ebal to la dzi, abe ale si megblɔ na wò ene, eye nàsi akalo na wo. 5 Tu vɔsamlekpui ɖe afi ma na Yehowa, wò Mawu la kple kpe siwo womefu kple gakpo o. 6 Tu vɔsamlekpui la kple kpe siwo womekpa o, eye nàsa numevɔ na Yehowa, wò Mawu la ɖe vɔsamlekpui la dzi.
7 “Sa ŋutifafavɔ hã ɖe edzi, eye nàɖu nu kple dzidzɔ le afi ma le Yehowa wò Mawu ƒe ŋkume. 8 Ŋlɔ se siawo katã, ɖe sia ɖe me nakɔ nyuie ɖe ŋkuɖodzikpe sia dzi.”
11 Mose de se siawo na Israelviwo gbe ma gbe ke.
12 “Ne mietso Yɔdan tɔsisi la, eye mieɖo ŋugbedodonyigba la dzi la, ame siwo atsi tsitre ɖe Gerizim to la dzi, ayra dukɔ la woe nye Simeon, Levi, Yuda, Isaka, Yosef kple Benyamin ƒe dzidzimeviwo, 13 eye Ruben, Gad, Aser, Zebulon, Dan, Naftali ƒe dzidzimeviwo atsi tsitre ɖe Ebal to la dzi aƒo fi ade ameawo. 14 Ekema Levitɔwo atsi tsitre ɖe akpa eveawo dome ado ɣli agblɔ na Israel dukɔ blibo la be,
16 “Mawu ƒe fiƒode nava ame sia ame si ado vlo fofoa alo dadaa la dzi.”
17 “Mawu ƒe fiƒode nava ame sia ame si aɖɔli teƒe na liƒoti le eya ŋutɔ ƒe anyigba kple nɔvia tɔ dome la dzi.”
18 “Mawu ƒe fiƒode nava ame sia ame si awɔ ŋkuagbãtɔ aɖe ƒe numakpɔmakpɔ ŋu dɔ wòazu viɖe na eya ŋutɔ la dzi.”
19 “Mawu ƒe fiƒode nava ame sia ame si aba amedzro, tsyɔ̃evi kple ahosi aɖe la dzi.”
20 “Mawu ƒe fiƒode nava ame sia ame si awɔ ahasi kple fofoa srɔ̃wo dometɔ ɖeka la dzi, elabena fofoa tɔe.”
21 “Mawu ƒe fiƒode nava ame sia ame si adɔ lã aɖe gbɔ la dzi.”
22 “Mawu ƒe fiƒode nava ŋutsu si adɔ eya ŋutɔ nɔvinyɔnu, eɖanye fofovia alo dadavia gbɔ la dzi.”
23 “Mawu ƒe fiƒode nava ame sia ame si ade asi lɔ̃xoa ŋu la dzi.”
24 “Mawu ƒe fiƒode nava ame sia ame si awu nɔvia le adzame la dzi.”
25 “Mawu ƒe fiƒode nava ame sia ame si axɔ zãnu be yeawu ame maɖifɔ la dzi.”
26 “Mawu ƒe fiƒode nava ame sia ame si mawɔ se siawo katã dzi o la dzi.”