4 “Nu si ta wòle be du siawo nanɔ anyi ɖo la woe nye: 5 Ne ame aɖe kple nɔvia aɖe woyi nake fɔ ge le ave me, eye fia la dzo le esi, eye wòwu nɔvia la, amewula la asi ayi du mawo dometɔ ɖeka me, eye wòanɔ dedie. 6 Ne menye nenema o la, hlɔ̃biala la ati eyome kple dɔmedzoe, atui ne sitsoƒedu la gbɔ didi akpa, eye wòawui togbɔ be medze na ku hafi o, elabena menye ɖe wòɖoe hafi wu nɔvia o. 7 Nu sia ta meɖoe na wò be nàtia du etɔ̃ da ɖi na ɖokuiwò.
8 “Yehowa wò Mawu akeke wò anyigba la ƒe liƒowo ɖe edzi abe ale si wòdo ŋugbe na tɔgbuiwòwo ene, eye wòatsɔ anyigba blibo si ŋugbe wòdo la na wò. 9 Esia aku ɖe ale si nèwɔ eƒe se siwo katã mele dedem na wò egbe, be nàlɔ̃ Yehowa wò Mawu, eye nàzɔ ɖe eƒe ɖoɖowo nu la dzi. Ne esia va eme la, ele be nàgawɔ du bubu etɔ̃ Sitsoƒeduwoe. 10 Ale nàte ŋu axɔ ame maɖifɔwo ɖe agbe le anyigba si Yehowa wò Mawu tsɔ na wò la dzi, eye ʋukɔkɔɖi dzodzro ƒe agba manɔ dziwò o.
11 “Ke ne ame aɖe lé fu nɔvia, de xa ɖi nɛ hewui, eye wòsi yi sitsoƒedu siawo dometɔ ɖeka me la, 12 eƒe dumemetsitsiwo aɖo du ɖee, ana woakplɔe ava aƒee, eye woatsɔe ade asi na ame kuku la ƒe hlɔ̃biala be wòawui. 13 Mègakpɔ nublanui nɛ o! Ɖe hlɔ̃dolawo katã ɖa le Israelviwo dome! Eya ko hafi nu sia nu ayi edzi nyuie na mi.
14 “Ne èva ɖo anyigba si Yehowa, wò Mawu la le na wò ge la dzi la, ɖo ŋku edzi be, mèkpɔ mɔ aho ame aɖeke ƒe liƒotiwo agbugbɔ wo atu ale be nàfi eƒe anyigba gbeɖegbeɖe o.”
20 “Ekema ame siwo asee la avɔ̃ na aʋatsoɖaseɖiɖi. 21 Mègakpɔ nublanui na aʋatsoɖasefo aɖeke o. Le nya sia tɔgbiwo me la, se si dzi nàkpɔe nye: agbe ɖe agbe teƒe, ŋku ɖe ŋku teƒe, aɖu ɖe aɖu teƒe, asi ɖe asi teƒe, afɔ ɖe afɔ teƒe.”
<- Mose 5 18Mose 5 20 ->