4 Nyagblɔɖilawo ƒe nusrɔ̃la la wɔ nu si wògblɔ nɛ. Esi wòva ɖo Ramot Gilead la, 5 ekpɔ Yehu wònɔ anyi ɖe ehati asrafomegãwo dome. Egblɔ nɛ be, “Nya aɖe le asinye na wò.”
6 Ale Yehu dzo le ehatiwo dome heyi aƒea me. Nusrɔ̃la la kɔ ami la ɖe tame nɛ eye wògblɔ nɛ be, “Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔ be, ‘Mesi ami na wò eye meɖo wò fiae ɖe Yehowa ƒe dukɔ, Israel nu. 7 Ele be nàtsrɔ̃ Ahab ƒe ƒometɔwo eye nàbia nye nyagblɔɖilawo kple ame siwo Yezebel wu la ƒe hlɔ̃. 8 Ele be nàtsrɔ̃ Ahab ƒe ƒometɔwo katã; àtsrɔ̃ ŋutsu ɖe sia ɖe le Israel, ame ka kee wònye hã ele be nàtsrɔ̃e.’ 9 Matsrɔ̃ Ahab ƒe ƒome la abe ale si metsrɔ̃ Yeroboam, Nebat ƒe vi kple Baasa, Ahiya ƒe vi ƒe ƒomewo ene. 10 Avuwo aɖu Ahab srɔ̃, Yezebel le Yezreel eye ame aɖeke maɖii o!” Esia megbe la, nusrɔ̃la la ʋu ʋɔa eye wòsi dzo.
11 Yehu trɔ yi xɔlɔ̃awo gbɔ eye wo dometɔ ɖeka biae be, “Nu ka dim aɖaʋatɔ ma le? Nya kae dzɔ?”
12 Woɖo eŋu be, “Ao, míenya o, gblɔe na mí.”
13 Enumake wotsɔ woƒe awuwo ɖo ɖe atrakpuiawo dzi, woku kpẽ eye wodo ɣli be, “Yehu zu fia!”
17 Dzɔla si nɔ Fia Yehoram ƒe gbetakpɔxɔ dzi la kpɔ Yehu kple eƒe amewo gbɔna ɖa eye wòdo ɣli be, “Ame aɖe gbɔna!”
18 Ale asrafo aɖe do sɔ yi ɖakpe Yehu hegblɔ nɛ be, “Fia la di be yeanya nenye xɔlɔ̃e nènye loo alo futɔe nènye. Ŋutifafa mee nèva lea?”
19 Ale fia la gaɖo sɔdola bubu ɖa. Eyi ɖatu wo eye wògblɔ na wo be, “Ale fia la gblɔe nye esi, ‘Ŋutifafa dzie mielea?’ ”
20 Dzɔla la gado ɣli be, “Eya hã mele gbɔgbɔm o! Yehu kokoko wòanye elabena eƒe tasiaɖam le du ƒum sesĩe.” 21 Fia Yoram ɖe gbe be, “Netsɔ, midzra nye tasiaɖam ɖo nam!” Ale eya kple Yuda fia, Ahazia woyi ɖado go Yehu le Nabɔt ƒe agble me. 22 Fia Yehoram biae be, “Yehu, ŋutifafa dzie nèlea?”
23 Fia Yoram trɔ eƒe tasiaɖam la kaba eye wòsi dzo yina. Edo ɣli gblɔ na Fia Ahazia be, “Ahazia, nugbeɖoɖoe!”
24 Tete Yehu he eƒe da me kple eƒe ŋusẽ katã eye wòte Yehoram ƒe megbe kpam. Aŋutrɔ la ŋɔe yi ɖatɔ eƒe dzi eye wòmu dze tasiaɖam la me heku. 25 Yehu gblɔ na Bidkar, ame si nye eƒe tasiaɖamkula gã be, “Kɔe eye nàtsɔe aƒu gbe ɖe Yezreeltɔ Nabɔt ƒe agble me. Ɖo ŋku ale si nye kpli wò míenɔ tasiaɖamwo me nɔ fofoa Ahab megbe esi Yehowa ƒe nyagblɔɖi sia va ku ɖe eŋuti be, 26 ‘Etsɔ si va yi la mekpɔ Nabɔt ƒe ʋu kple viawo ƒe ʋu. Yehowae gblɔe eye makpɔ egbɔ be, exɔ tohehe ɖe nu sia ta le anyigba sia dzi. Yehowae gblɔe.’ Eya ta azɔ la kɔe ƒu gbe ɖe anyigba ma dzi le Yehowa ƒe nya la nu.”
27 Esi Yuda fia Ahazia kpɔ nu si va dzɔ la, esi dze Bet Hagan mɔ dzi. Yehu kplɔe ɖo nɔ ɣli dom be, “Miwu eya hã!” Ale wode abi eŋu le eƒe tasiaɖam la me le Gur si te ɖe Ibleam ŋuti la ƒe mɔ dzi, ke ete ŋu si dzo yi Megido afi si wòyi ɖaku ɖo. 28 Eƒe dɔlawo kɔe de tasiaɖam me yi Yerusalem eye woɖii ɖe fofoawo gbɔ ɖe eƒe yɔdo me le David ƒe du la me. 29 Ahazia ƒe fiaɖuɖu ɖe Yuda dzi dze egɔme le Ahab ƒe vi Yoram ƒe fiaɖuɖu ɖe Israel dzi ƒe ƒe wuiɖekɛlia me.
32 Yehu fɔ kɔ dzi, kpɔ Yezebel le fesre la nu eye wòdo ɣli bia be, “Ame kawoe le dzinye?” Ŋutsu tata eve alo etɔ̃ do mo ɖe fesre la nu kpɔe ɖo ɖa. 33 Yehu gblɔ na wo be, “Midae ɖo ɖe anyigba!” Ale woda Yezebel to fesre la to wòge va dze anyigba. Eƒe ʋu hlẽ ɖe gli la kple sɔwo ŋu, Yehu do eƒe tasiaɖam kple sɔwo, zɔ eƒe ŋutilã kukua dzi.
34 Ege ɖe fiasã la me heɖu nu eye wòno nu le afi ma. Le esia megbe la, egblɔ be, “Ame aɖe nayi aɖaɖi nyɔnu fiƒodeme sia elabena fia vinyɔnue.” 35 Esi woyi be yewoaɖii la, eƒe taƒu kple eƒe afɔwo kple eƒe asiwo ko wokpɔ. 36 Esi wotrɔ gbɔ va gblɔ nu siwo wokpɔ na Yehu la, egblɔ be, “Nu si tututu Yehowa gblɔ lae va eme! Egblɔ na Nyagblɔɖila Eliya be avuwo aɖu Yezebel ƒe kukua le Yezreel 37 eye eƒe ŋutilã akaka ɖe anyigba abe ale si wokakaa aɖu ɖe agble me ene, ale be ame aɖeke mate ŋu agblɔ be Yezebel ƒe ŋutilãe nye esia o.”
<- Fiawo 2 8Fiawo 2 10 ->