5 Exɔ Yehowa, Israel ƒe Mawu la dzi se kple dzi blibo eye fia siwo do ŋgɔ nɛ kple esiwo kplɔe ɖo la dometɔ aɖeke menɔ Yehowa ŋu kplikplikpli kpɔ abe eya ene o. 6 Elé ɖe Yehowa ŋu eye megbugbɔ le eyome o. Elé se siwo katã Yehowa de na Mose la me ɖe asi. 7 Yehowa nɔ kplii eye wòna nu sia nu si wòwɔ la dze edzi nɛ. Etso ɖe Asiria fia ŋu eye mesubɔe o. 8 Hezekia ɖu Filistitɔwo dzi tso gbetakpɔxɔ dzi va se ɖe du siwo woɖo gli ƒo xlãe la dzi; eɖu Filistitɔwo dzi yi ɖe Gaza kple eƒe nutowo me ke.
9 Le eƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe enelia si nye Fia Hosea, Ela vi, ƒe fiaɖuɖu le Israel ƒe ƒe adrelia me la, Asiria fia, Salmaneser, ho aʋa ɖe Israel ŋu eye wòɖe to ɖe Samaria du la. 10 Le ƒe etɔ̃ megbe, si nye Fia Hezekia ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe adelia kple Israel fia ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe asiekɛlia me la, woɖu Samaria dzi. 11 Ɣe ma ɣie Asiria fia ɖe aboyo Israelviwo yi Asiria eye wòda wo ɖe Hala du la me kple teƒe siwo le Habor tɔsisi la to le Gozan kple Mediatɔwo ƒe duwo me. 12 Eva eme alea elabena Israelviwo gbe toɖoɖo Yehowa, woƒe Mawu la eye womewɔ nu si wòdi be woawɔ la o, ke boŋ woda le eƒe nubabla la dzi eye wogbe se siwo katã Mose, Yehowa ƒe dɔla de na wo la dzi wɔwɔ.
13 Emegbe le Fia Hezekia ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe wuienelia me la, Asiria fia, Senakerib ɖe to ɖe Yuda du siwo katã woglã la eye wòɖu wo dzi. 14 Fia Hezekia ɖe kuku, bia ŋutifafa eye wòɖo du ɖe Asiria fia le Lakis be, “Meda vo eya ta maxe fe ɖe sia ɖe si nàbla nam ne àdzo le nye anyigba dzi ko.” Ale Asiria fia bia be wòaxe klosalo kilo akpe ewo kple sika kilo akpe ɖeka na ye. 15 Hena ga home sia kpɔkpɔ la, Fia Hezekia dzra klosalo si wodzra ɖo ɖe gbedoxɔ la kple fiasã la ƒe nudzraɖoƒewo me.
16 Etsɔ sika si wofa ɖe gbedoxɔ la ƒe ʋɔtruwo ŋu kple esi eya ŋutɔ fa ɖe ʋɔtrutiwo ŋu gɔ̃ hã la katã na Asiria fia.
19 Aʋafia la gblɔ na wo be, “Gblɔ na Hezekia be,
26 Eliakim, Hilkia ƒe vi, Sebna kple Yoa gblɔ na wo be, “Míeɖe kuku ƒo nu na mí le Aramgbe me elabena míese Aramgbe. Migaƒo nu na mí le Hebrigbe me o: ame siwo le glia dzi la ava se míaƒe nyawo.”
27 Ke Asiriatɔwo ƒe aʋafia la ɖo eŋu be, “Ɖe nye aƒetɔ ɖom ɖa be maƒo nu na mi kple miaƒe aƒetɔ koa? Ɖe meɖom ɖe ame siwo le glia dzi la hã gbɔ oa? Elabena evɔ na wo abe miawo ke ene. Woaɖu woawo ŋutɔ ƒe afɔdzi eye woano woawo ŋutɔ ƒe aɖuɖɔ!”
28 Tete aʋafiagã la te va hedo ɣli gblɔ le Hebrigbe me be, “Mise Asiria fia, fiagã la ƒe nya! 29 Ale fia la gblɔe nye esi, migana Hezekia nable mi o. Mate ŋu aɖe mi tso nye asi me o! 30 Migana Hezekia nable mia nu be, miɖo dzi ɖe Yehowa ŋu o, esime wògblɔ be, ‘Yehowa aɖe mi godoo; womatsɔ du sia ade asi na Asiria fia o.’
31 “Migaɖo to Fia Hezekia o. Nya si Asiria fia gblɔe nye esi: Miwɔ ŋutifafa kplim eye miava gbɔnye. Ekema mia dometɔ ɖe sia ɖe aɖu nu tso eya ŋutɔ ƒe wain kple gboti me eye wòano tsi tso eya ŋutɔ ƒe vudo me 32 va se ɖe esime mava akplɔ mi ayi anyigba si ɖi mia tɔ la dzi, anyigba si dzi bli kple wain yeye le, afi si abolo bɔ ɖo eye waingblewo le, afi si amitiwo kple anyitsi le. Mitia agbe, ke menye ku o!
36 Ke ame siwo nɔ glia dzi la meke nu o, elabena woƒe fia de se na wo be, womegagblɔ nya aɖeke o.
37 Azɔ la, Eliakim, Hilkia ƒe vi, asitsanyawo dzikpɔla la kple Sebna, fia ƒe nuŋlɔla kple Yoa, Asaf ƒe vi, dukɔwo ƒe ŋutinyanyala dze woƒe awuwo eye woyi Fia Hezekia gbɔ hegblɔ nya siwo Asiriatɔwo ƒe aʋafia la gblɔ na wo la nɛ.
<- Fiawo 2 17Fiawo 2 19 ->