4 Ke Yehoahaz do gbe ɖa, bia Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu. Yehowa se eƒe gbedodoɖa elabena Yehowa kpɔ ale si Siria fia la nɔ Israelviwo tem ɖe toe. 5 Ale Yehowa na kplɔlawo do tso Israel me be woaɖe wo tso Siriatɔwo ƒe fuwɔame me, ale Israel gakpɔ gbɔdzɔe kple dedinɔnɔ abe tsã ene. 6 Ke wogayi nu vɔ̃ wɔwɔ dzi kokoko, wodze Yeroboam ƒe nu vɔ̃ mɔwo dzi eye wosubɔa aƒeli le Samaria.
7 Mlɔeba la, Yehowa na sɔdola blaatɔ̃ kple tasiaɖam ewo kple aʋawɔla akpe ewo (10,000) ko susɔ ɖe Fia Yeroboam ƒe aʋakɔ me elabena Siria fia tsrɔ̃ ame bubuawo abe ʋuʋudedi wonye le eƒe afɔ te ene.
8 Woŋlɔ Yehoahaz ƒe ŋutinya mamlɛawo, nu siwo katã wòwɔ kple eƒe kalẽwɔwɔwo ɖe Israel fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me. 9 Yehoahaz ku, woɖii ɖe Samaria eye via, Yehoas ɖu fia ɖe eteƒe.
12 Woŋlɔ Yehoas ƒe fiaɖuɖu, aʋa siwo wòwɔ kple Yuda fia Amazia la ƒe ŋutinyawo ɖe Israel fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me. 13 Yehoas ku, woɖii ɖe Samaria ɖe Israel fia bubuwo gbɔ eye Yeroboam Evelia zu fia ɖe eteƒe.
14 Esime Elisa nɔ kudɔ ƒom la, Yehoas, Israel fia, yi ɖakpɔe ɖa eye wòfa avi le egbɔ hegblɔ be, “Fofonye! Fofonye! Wòe nye Israel ƒe tasiaɖamwo kple sɔdolawo!”
15 Elisa gblɔ be, “Yi nàdi da kple dati aɖewo vɛ.” Yehoas yi eye wòdi wo vɛ. 16 Egblɔ na Israel fia be, “Lé dati la ɖe asi.” Esi wòlé dati la ɖe asi la, Elisa da eƒe asiwo ɖe fia la tɔwo dzi.
17 Elisa gblɔ be “Ʋu fesre si le ɣedzeƒe lɔƒo.” Fia la ʋui. Elisa gblɔ be, “Dae” Eye fia la dae. Elisa gblɔ be “Esiae nye Yehowa ƒe dziɖuɖu ƒe aŋutrɔ si miatsɔ aɖu Siria dzi. Àtsrɔ̃ Syriatɔwo gbidigbidi le Afek.”
18 Elisa gblɔ be, “Tsɔ datiawo.” Eye fia la tsɔ wo. Elisa gblɔ nɛ be, “Tsɔ datiawo te anyigba.” Fia la te anyigba zi etɔ̃ eye wòdzudzɔ. 19 Ke Nyagblɔɖila la do dɔmedzoe ɖe eŋu eye wògblɔ nɛ be, “Ɖe nàtsɔ aŋutrɔawo ate anyigba zi atɔ̃ alo ade hafi. Anye ne àɖu Siriatɔwo dzi woatsrɔ̃ keŋkeŋ hafi. Fifia la, àɖu wo dzi zi etɔ̃ ko!”
20 Elisa ku eye woɖii.
22 Siria fia Hazael te Israel ɖe to, le Fia Yehoas ƒe fiaɖuɣi blibo la me. 23 Ke Yehowa ve Israelviwo nu eye wometsrɔ̃ wo keŋkeŋ o. Eva eme alea elabena Yehowa kpɔ nublanui na wo. Hekpe ɖe esia ŋu la, enɔ nubabla si wòwɔ kple Abraham, Isak kple Yakob la dzi wɔm kokoko.
24 Siria fia Hazael ku eye via Ben Hadad ɖu fia ɖe eteƒe. 25 Israel fia Yehoas, Yehoahaz ƒe vi wɔ aʋa ɖu dzi zi etɔ̃ eye wògbugbɔ Israel du siwo Fia Ben Hadad xɔ le fofoa si to edziɖuɖu me le aʋa me la xɔ.
<- Fiawo 2 12Fiawo 2 14 ->