Timoteo
1 Nye, Paulo, ame si nye Kristo Yesu ƒe apostolo to Mawu, mía Ɖela ƒe gbeɖeɖe kple Kristo Yesu, míaƒe mɔkpɔkpɔ dzi la gbɔe agbalẽ sia tso,
6 Nufiala siawo da ƒu le nu siawo nyanya me, eye wogblẽa woƒe ɣeyiɣi nɔa nya hem, eye wonɔa nya maɖinyawo gblɔm. 7 Wodi be yewoaxɔ ŋkɔ abe Mose ƒe sefialagãwo ene, evɔ woawo ŋutɔ menya naneke gobii tso Mose ƒe seawo kple nu si wofiaa mí la ŋu hafi o. 8 Míenyae be se mawo nyo, zi ale si wowɔ wo ŋu dɔ abe ale si Mawu ɖoe la ene. 9 Míenyae hã be menye ame nyuiwoe wowɔ se la na o, ke boŋ sedzidalawo kple aglãdzelawo, mawumavɔ̃lawo kple nu vɔ̃ wɔlawo, ame makɔmakɔwo kple mawumasubɔlawoe wowɔ se la na, ame siwo wua wo fofowo kple wo dadawo na hlɔ̃dolawo 10 na ahasiwɔlawo kple nu tovo wɔlawo, amesitsalawo kple aʋatsokalawo kple atam dzodzro kalawo kple nu sia nu si tsi tsitre ɖe nufiafia vavãtɔ 11 si xɔ ɖe Mawu yayratɔ la ƒe ŋutikɔkɔenyanyui si wòtsɔ nam la ŋuti.
15 Esia nye nyateƒenya si wòle be woaɖo toe, axɔe ase keŋ be Kristo Yesu va xexea me nu vɔ̃ wɔlawo ɖe ge, ame siwo dome menye gãtɔ le. 16 Ke Mawu kpɔ nublanui nam ale be Kristo Yesu ate ŋu awɔ ŋutinyedɔ abe kpɔɖeŋu ene be wòatsɔ afia ale si wòte ŋu gbɔa dzi ɖi na nu vɔ̃ wɔla gãtɔ kekeake gɔ̃ hã ame sia ame, ale be woawo hã naxɔe se be woate ŋu akpɔ agbe mavɔ. 17 Ŋutikɔkɔe kple bubu woana Mawu tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me. Eyae nye Fia tso blema ke, eye wònye Mawu makumakua si womekpɔna o, eye wòyɔ fũu kple nunya. Eya ɖeka koe nye Mawu. Amen.
18 Azɔ vinye, Timoteo, esia nye nye sedede na wò. Wɔ Aƒetɔ la ƒe aʋawo nyuie, abe ale si wògblɔ na mi be míawɔ to eƒe Nyagblɔɖilawo dzi la ene. 19 Lé wò xɔse si le Kristo me la ɖe asi sesĩe, eye ɣe sia ɣi la, wò dzitsinya nanɔ dzadzɛe, eye nàwɔ nu si nènya be enyo la ko. Elabena ame aɖewo gbe toɖoɖo woƒe dzitsinya, eye wowɔ nu si wonya nyuie be mele be woawɔ o. Ale mewɔ nuku be esi wogbe Mawu nenema la, wobu woƒe xɔse si le Yesu Kristo me la o. 20 Himenaio kple Aleksandro wonye nu sia wɔlawo ƒe kpɔɖeŋuwo. Eva nɔ nam be matsɔ wo de asi na Satana be woahe to na wo va se ɖe esime woanyae be menyo be woaƒo ɖi Mawu ƒe ŋkɔ o.
Timoteo 1 2 ->