4 Ke nɔvi lɔlɔ̃awo, miawo la, nu siawo mele ɣaɣla ɖe mi o, eye womava ɖi ɖe mi abe fiafitɔ ene, le Aƒetɔ la ƒe azãgbe la o. 5 Elabena mi katã la, kekeli kple ŋkeke la ƒe viwoe mienye, eye mienye viviti kple zã tɔwo o, 6 eya ta minɔ ŋudzɔ ɖaa, eye migadɔ alɔ̃ abe ame bubuwo ene o. Minɔ ŋudzɔ na eƒe vava, eye mianɔ mo xexi. 7 Zã mee amewo dɔa alɔ̃, eye ɣe ma ɣi me kee amewo mua aha. 8 Ke mina mí ame siwo nye kekeliviwo la, míanɔ mo xexi, eye míatsɔ xɔse kple lɔlɔ̃ ƒe akɔtakpoxɔnu ado, eye míaɖɔ ɖeɖekpɔkpɔ si míele mɔ kpɔm na la abe gakuku ene.
9 Mawu meɖo be yeahe eƒe dɔmedzoe ƒe to na mi o, ke boŋ be yeaɖe mí to míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo dzi. 10 Kristo ku ɖe mía ta, ale be míele agbe alo míeku o, ne etrɔ va la, míate ŋu anɔ agbe kplii tegbetegbe. 11 Eya ta mide dzi ƒo na mia nɔewo be miatu mia nɔewo ɖo abe ale si miele wɔwɔm xoxo la ene.
16 Dzi nedzɔ mi ɣe sia ɣi. 17 Minɔ gbedodoɖa dzi madzudzɔmadzudzɔe. 18 Mida akpe le nuwo katã me, elabena esiae nye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu na mi le Kristo Yesu me. 19 Migatsi Gbɔgbɔ Kɔkɔe la nu o. 20 Migado vlo nyagblɔɖiwo o. 21 Mido nu sia nu kpɔ, eye milé ɖe nu si nyo la ŋu. 22 Mitsri vɔ̃ ɖe sia ɖe tɔgbi.
23 Azɔ la, Mawu ŋutɔ, ame si nye ŋutifafa ƒe Mawu la nakɔ mia ŋuti keŋkeŋ, eye wòadzra miaƒe gbɔgbɔ, luʋɔ kple ŋutilã blibo la ɖo mokakamanɔŋui le míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe vavagbe la. 24 Nuteƒewɔlae nye ame si yɔ mi, eya ta awɔe ade goe.