4 Saul gblɔ na eƒe akpoxɔnutsɔla be, “Ɖe wò yi ɖe go nàƒoe ɖem, ne menye nenem o la, Filistitɔ, aʋamatsomatsoetɔ siawo ava wum eye woado vlom.”
7 Esi Israelvi siwo le balime la godo kple esiwo le Yɔdan tɔsisi la godo se be yewo nɔviwo si eye wowu Saul kple via ŋutsuawo la, wosi le woƒe duwo me eye Filistitɔwo va nɔ duawo me.
8 Esi ŋu ke eye Filistitɔwo yi be woaɖe nuwo le Israel ƒe ame kukuwo ŋu la, wokpɔ Saul kple Via ŋutsu etɔ̃awo ƒe kukuawo le Gilboa to la dzi. 9 Woɖe Saul ƒe aʋawu le eŋu, tso ta le enu eye wotsɔ eƒe ta kple aʋawɔnu fia amewo le woƒe anyigba dzi godoo. Wotso aseye le dzidzɔnya sia ŋuti le woƒe legbawo kple dukɔmetɔwo ŋkume. 10 Wotsɔ Saul ƒe akpoxɔnu la da ɖe Astarɔt ƒe gbedoxɔ me eye wotsɔ eƒe ŋutilã ku gli aɖe ŋu le Bet Sean.
11 Esi Yabes Gileadtɔwo se nu si Filistitɔwo wɔ Saul la, 12 aʋawɔlawo katã tso du ma me zɔ mɔ to zã blibo la me yi Bet Sean. Woɖe Saul kple viawo ƒe ŋutilã kukuawo le glia ŋu le Bet Sam eye wotsɔ wo va Yabes Gilead hetɔ dzo wo. 13 Woɖi woƒe afi ɖe logoti la te le Yabes eye wotsi nu dɔ ŋkeke adre.
<- Samuel 1 30