3 Filistitɔwo ƒe aʋakplɔlawo bia be, “Nu ka wɔm Israelviwo le le afi sia?”
4 Ke Filistitɔwo ƒe kplɔlawo do dɔmedzoe eye wogblɔ be, “Na woatrɔ adzo, womele aʋa yi ge kpli mí o. Woava trɔ le mía yome. Mɔ nyui aɖe li si dzi wòato awɔ ɖeka kple eƒe aƒetɔ, Saul, wu tɔtrɔ ɖe mía ŋu le aʋa la mea? 5 Ame sia ŋue nyɔnuwo dzi ha le, le woƒe ɣeɖuɖuwo me be,
6 Ale Fia Akis yɔ David kple eƒe amewo eye wògblɔ na wo be, “Metsɔ Yehowa ka atam be miawoe nye ame nyuitɔ siwo medo goe kpɔ eye mebu be miayi aʋa kpli mí ke nye aʋafiawo melɔ̃ ɖe edzi o. 7 Meɖe kuku, migawɔ nu si ado dɔmedzoe na wo o, ke boŋ mitrɔ dzo kpoo!”
8 David bia Akis be, “Nu ka mewɔ eye nu ka nèkpɔ le wò dɔla ŋu tso gbesigbe meva gbɔwò va se ɖe egbe, si na be miawɔm ale? Nu ka ta nyemekpɔ mɔ aɖawɔ aʋa kple nye aƒetɔ ƒe futɔwo o?”
9 Akis metrɔ eƒe tameɖoɖo o. Egagblɔ be, “Le nye ɖeka gome la, èle abe mawudɔla ene, ke nye aʋafiawo le vɔvɔ̃m na wò kpekpe ɖe mía ŋu le aʋawɔwɔ me. 10 Mifɔ ŋdi kanya eye miadzo ne agu dze ko.”
11 Ale David kple eƒe amewo fɔ ŋdi kanya be yewoatrɔ ayi Filistitɔwo ƒe anyigba dzi eye Filistitɔwo hã dzo yi Yezreel.
<- Samuel 1 28Samuel 1 30 ->