4 Saul gblɔ na eƒe akpoxɔnutsɔla be, “Ɖe wò yi ɖe go nàƒoe ɖem, ne menye nenem o la, Filistitɔ, aʋamatsomatsoetɔ siawo ava wum eye woado vlom.”
7 Esime Israelvi siwo nɔ balime la le toa te se be wowu yewoƒe aʋawɔlawo eye Saul kple viawo hã ku la, wosi dzo le woƒe duwo me eye Filistitɔwo va nɔ duawo me.
8 Esi ŋu ke eye Filistitɔwo yi be woaɖe nuwo le Israel ƒe ame kukuwo ŋu la, wokpɔ Saul kple Via ŋutsu etɔ̃awo ƒe kukuawo le Gilboa to la dzi. 9 Woɖe Saul ƒe aʋawu le eŋu, tso ta le enu eye wotsɔ eƒe ta kple aʋawɔnu fia amewo le woƒe anyigba dzi godoo. Wotso aseye le dzidzɔnya sia ŋuti le woƒe legbawo kple dukɔmetɔwo ŋkume. 10 Wotsɔ Saul ƒe akpoxɔnu da ɖe woƒe mawuwo ƒe gbedoxɔ me eye wotsɔ eƒe ta ku gli ŋu le Dagon ƒe gbedoxɔ me.
11 Esi Yabes Gileadtɔwo se nu si Filistitɔwo wɔ Saul la, 12 woƒe aʋawɔlawo katã yi aʋagbea dzi eye wotsɔ eƒe kukua kple viawo tɔwo gbɔ va Yabes. Woɖi wo ɖe ati gã aɖe te le Yabes eye wofa wo ŋkeke adre sɔŋ.
13 Saul ku le eƒe tomaɖomaɖo Yehowa kple ale si wòyɔ ŋɔli bia gbee se ta. 14 Ke esi mebia Yehowa be wòafia nu si yeawɔ o la ta, Yehowa na wòku eye wòtsɔ eƒe fiaɖuƒe la na David, Yese ƒe vi.
<- Kronika 1 9Kronika 1 11 ->