24 Sem ƒe dzidzimeviwoe nye: Arfaxad, ame si dzi Sela,
25 ame si dzi Eber, ame si dzi Peleg, ame si dzi Reu,
26 ame si dzi Serug, ame si dzi Nahor, ame si dzi Tera,
27 ame si dzi Abram ame si wova yɔna emegbe be Abraham.
Abraham ƒe viwo
28 Abraham ƒe viwoe nye: Isak kple Ismael.
Hagar ƒe dzidzimeviwo
29 Ismael ƒe viwoe nye
Nebayɔt, ame si nye via tsitsitɔ, Kedar, Adbel, Mibsam, 30 Misma, Duma, Masa, Hadad, Tema, 31 Yetur, Nafis kple Kedema.
Ame siawo nye Ismael viwo.
Ketura ƒe dzidzimeviwo
32 Abraham ƒe ahiãvi Ketura dzi
Zimram, Yoksan, Medan, Midian, Isbak kple Sua.
Yoksan ƒe viwo:
Seba kple Dedan.
33 Midian ƒe viŋutsuwoe nye:
Efa, Efer, Hanok, Abida kple Elda.
Woawoe nye Abraham kple srɔ̃a evelia, Ketura ƒe dzidzimeviwo.
Sara ƒe dzidzimeviwo
34 Abraham ƒe vi, Isak,
dzi Esau kple Israel.
35 Esau ƒe viŋutsuwoe nye:
Elifaz, Reuel, Yeus, Yalam kple Korah.
36 Elifaz ƒe viwoe nye:
Teman, Omar, Zefi, Gatam, Kenaz,
Timna kple Amalek.
37 Reuel ƒe viŋutsuwoe nye:
Nahat, Zera, Sama kple Miza.
Seir ƒe viwo le Edom
38 Esua alo Seir ƒe vi aɖewoe nye:
Lotan, Sobal, Zibeon, Ana, Dison, Ezer kple Disan.
39 Lotan ƒe viwoe nye
Hori kple Homam. Timna nye Lotan nɔvinyɔnu.
40 Sobal ƒe viŋutsuwoe nye:
Alvan, Manahat, Ebal, Sefo kple Onam.
Zibeon ƒe viwoe nye:
Aya kple Ana.
41 Ana ƒe vie nye:
Dison, ame si dzi Hamran, Esban, Itran kple Keran.
42 Ezer ƒe viwoe nye:
Bilhan, Zaavan kple Yaakan.
Disan ƒe viwoe nye:
Uz kple Aran.
Edom ƒe dziɖulawo
43 Ame siwo ɖu fia le Edom hafi woɖo Israel fiaɖuƒe la gɔme anyi la woe nye:
Bela, Beor ƒe vi. Du si me wònɔ la ŋkɔe nye Dinhaba.
44 Esi Bela ku la, Yobab, Zera ƒe vi, tso Bozra zu fia.
45 Esi Yobab ku la, Husam tso Temanitɔwo ƒe anyigba dzi ɖu fia ɖe eteƒe,
46 eye le Husam ƒe ku megbe la, Hadad, Bedad ƒe vi, ame si ɖu Midiantɔwo dzi le Moab nyigba dzi la ɖu fia eye eƒe fiadue nye Avit.
47 Esi Hadad trɔ megbe la, Samla tso Masreka ɖu fia ɖe eteƒe.
48 Le Samla ƒe ku megbe la, Siaul tso Rehobot, du si le tɔsisi aɖe ŋu la ɖu fia ɖe eteƒe.
49 Le Siaul ƒe ku megbe la, Baal Hanan, Akbor ƒe vi ɖu fia ɖe eteƒe.
50 Esi Baal Hanan ku la, Hadad ɖu fia ɖe eteƒe eye eƒe fiadue nye Pau. Hadad srɔ̃e nye Mehetabel, dadae nye Matred, ame si dadae nye Me-Zahab. 51 Hadad hã va ku.